Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 13:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 elabena Mawu ƒe subɔla wònye le wò nyonyo ŋuti. Ke ne èwɔ nu vɔ̃ɖi la, ŋɔ nadzi wò, elabena melé yi la ɖe asi dzodzro o, elabena Mawu ƒe subɔla kple amesi tsoa dziku biaa hlɔ̃ amesi le nu vɔ̃ɖi wotu la wònye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Mawu ƒe subɔlae nye kpovitɔ la ɖa ɖe wò nyonyo ta. Ke ne èle nu vɔ̃ aɖe wɔm la, eme kɔ ƒãa be ànɔ vɔvɔ̃m, elabena kpovitɔ la ana woahe to na wò nu gbegblẽ wɔla la.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 13:4
23 Mawu Ofanana  

Woakafu Yehowa, wò Mawu, amesi ŋu wò nu nyo, eye wotsɔ wò ɖo Israel-fiazikpui la dzi. Esi Yehowa lɔ̃ Israel tegbee ŋuti la, eyata wòtsɔ wò ɖo fia, be nadrɔ̃ ʋɔnu, eye nawɔ nu dzɔdzɔe.


Eye wògblɔ na ʋɔnudrɔ̃lawo bena: Miɖo ŋku anyi le nusi ke miewɔna la me, elabena menye amegbetɔwo miedrɔ̃a ʋɔnu na o, ke boŋ Yehowa ye, eye ele mia gbɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒe la.


Fia ƒe dziku enye ku ƒe dɔla; ke nunyala faa dzi nɛ.


Ŋɔdzi, si le fia ŋu la, le abe dzata ƒe gbetete ene, amesi do adãe la, eto vo ɖe eya ŋutɔ ƒe agbe ŋu.


Fia nyanu ɖea vovo ame vɔ̃ɖiwo me, emegbe wònana wona luƒotasiaɖam toa wo dzii.


Fia, si bɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi la, ƒe ŋku dea vovo vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã me.


Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ, miti nya dzɔdzɔe yome, mixɔ na amesi wote ɖe anyi, midrɔ̃ ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo, eye mihe nya na ahosiwo!


Woda ami lalala, eye vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔ wo gbagba; womedrɔ̃a nya o, womedrɔ̃a tsyɔ̃eviwo ƒe nya, be wòadze edzi na wo o, eye womedrɔ̃a nya na ame dahewo o.


Eƒe amegãwo le abe amegãxi lénuwo ene le eme, ne wòakɔ ʋu ɖe anyi, woatsrɔ̃ amewo, eye woakpɔ viɖe.


Matsɔ nye hlɔ̃biabia Edom ade asi na nye dukɔ Israel, eye woawo Edom ɖe nye dɔmedzoe kple nye dziku nu, eye wòadze si nye hlɔ̃biabia, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Misee, mi Yakob ƒe aƒe ƒe ta-tɔwo kple mi Israel ƒe aƒe ƒe amegãwo, mi amesiwo nyɔa ŋu se la, eye mieglɔ̃a nu dzɔdzɔewo katã;


Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mo na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena; „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.“


Esia ŋuti miedzɔa nu ɖo hã, elabena Mawu ƒe dɔtsɔlawo wonye, amesiwo na nenem nusia wɔwɔ dzi.


eye amea ɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala, abe alesi miegblɔ tsã, eye míeɖi ɖase na mi la ene.


Ke ne hlɔ̃tɔ ti eyome la, womegatsɔ amewula la de asi nɛ o; elabena mebua hafi wu nɔvia o, eye menye ɖe wòlé fui tsã hafi o.


Esiawo nye ɖu, siwo woɖo na Israel-viwo katã kple amedzro, si le wo dome bena, ne amea ɖe mebua wu nɔvia o la, wòasi ayi afima, ne magaku ɖe hlɔ̃tɔ si me, hafi woahe eƒe nya ava ameha la ŋku mee o.


eɖanye ɖe dziɖula, siwo wodɔ ɖe dɔgbe le hlɔ̃biabia vɔ̃wɔlawo kple nyuiwɔlawo kafukafu ta la te o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa