Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 13:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye miwɔ esia, elabena mienyã ɣeyiɣi la kɔte bena, gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mi wu tsã, esime miexɔ se la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Nu bubu si ta wòle be mianɔ agbe nyuie lae nye be: mienya be ɣeyiɣi boo megali o. Minyɔ, elabena xɔxɔ tu aƒe fifia wu ale si míexɔe se tsã.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 13:11
25 Mawu Ofanana  

Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Tete ʋumefia te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Alɔ̃ dɔm wòa nèlea? Fɔ nayɔ wò Mawu! Amea ɖe menya nu o Mawu aɖo ŋku mía dzi, be míagatsrɔ̃ o hĩ.


Eye ŋdi la miegblɔna bena: Egbe la tsi le dzadza ge; elabena dziƒo biã, eye woxe lilii. Alakpatɔwo, miedzea si dziƒo ƒe nɔnɔme, aleke wɔ miate ŋu adze si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o mahã?


Ke ne nusiawo ɖe asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.


Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.


Mizu mo xexee tɔwo vavã, eye migawɔ nuvɔ̃ o! Elabena simadzemadze Mawu le amea ɖewo me; ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo.


Eyaŋuti la wogblɔ be: Nyɔ, wò amesi le alɔ̃ dɔm la, ne natsi tre tso ame kukuwo dome, eye Kristo ahlẽ ɖe dziwò!


Miawo hã migbɔ dzi blewu, mido ŋusẽ miaƒe dziwo; elabena Aƒetɔ ƒe vavaɣi ɖo vɔ.


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Azɔ esi woalólo nusiawo katã la, ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me,


Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.


Viwo, ɣeyiɣi mamletɔe, eye abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ: eya me míedze sii le bena, ɣeyiɣi mamletɔ lae.


Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Eye wògblɔ nam bena Megade agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo nu o; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.


Amesi le nusiawo ƒe ɖase ɖim la gblɔ be: Ẽ, megbɔna kpuie! Amen, Aƒetɔ Yesu va!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa