Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 12:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si wònam nu la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be: migabu mia ɖokuiwo amegãwoe wu ale si dze o, ke boŋ mibu mia ɖokuiwo ɖokuibɔbɔlawoe le xɔse ƒe dzidzenu si Mawu na mi la nu.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 12:3
47 Mawu Ofanana  

Anyitsi geɖe nono menyo o; ke nya sesẽwo me dzodzro enye bubu.


Ele ŋutsu, si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.


Megawɔ nu dzɔdzɔe vivivo o, eye meganya nu tso eme akpa o; nukaŋuti nébe, yeaɖe ye ɖokui tsɔtsrɔ̃ me ɖo?


Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye uabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.


Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o.


Elabena amesi Mawu dɔ la, Mawu ƒe nyawo ŋuti wòƒoa nu lena; elabena mena Gbɔgbɔ la le dzidzenu nu o.


amesi me miekpɔ amenuveve kple apostolonyenye le na xɔse ƒe toɖoɖo le dukɔwo katã dome le eƒe ŋkɔ ŋuti,


Enyo! Woŋe wo ɖa le dzimaxɔse ŋuti, ke wò la xɔse ŋuti nèle tsitre ɖo; megado ɖokuiwò ɖe dzi o, hafi nɔ vɔvɔ̃m boŋ!


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Midi nu ɖeka ma ke hena mia nɔewo; màgaɖi nu kɔkɔwo yome o, hafi mibɔbɔ mia ɖokui na ame bɔbɔɖeanyiwo boŋ.


Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.


Mawu ƒe amenuveve, si wonam la, nu meɖo gome anyi abe xɔtula dzeaɖaŋu ene, ke ame bubu tui ɖe edzi. Gake amesiame nakpɔ nyuie, alesi wòatui ɖe edzi la.


Negbe alesi Aƒetɔ la ma na amesiame la alesi Mawu yɔ amesiamee la, nenema ke woazɔ, eye nenema ke meɖo le hawo katã me.


Ke míawo la, míaƒo adegbe wòagbɔ me o, ke boŋ le dzidzeka ƒe dzidzedzidze, si Mawu ma na mí la nu, bene miade keke mia gbɔ hã.


Alo nuka me gɔ̃ mietsi megbe le le hame susɔeawo ŋu, negbe le esia me ko bena, nye ŋutɔ nyemenye agba na mi oa? Mitsɔ nu madzɔmadzɔ sia kem!


hekpe ɖe nyaɖeɖefia, siwo ƒo wo katã ta ŋuti la o. Eyata bena nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la, wode ŋu nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple ko, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o.


Elabena ne amea de bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.


nenye ɖe miese Mawu ƒe amenuveve, si wonam le mia ta la ƒe nuɖoanyi,


le eya me, ne miele exlẽm la, míate ŋu adze si nye Kristo ƒe nya ɣaɣla la gɔmesese,


amesi gbɔ wòtso wokpe ŋutilã blibo la katã, eye wobiae ɖekae, eye woto ƒunuɖeƒewo katã ƒe kpekpe ɖe wo nɔewo ŋu me, le ŋutinu sia ŋutinu ƒe dɔwɔwɔ, si womã nɛ la nu, hewu ŋutilã ƒe tsitsi la nu hena tutu le lɔlɔ̃ me.


Elabena Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me le eƒe ŋudzedze la ŋuti.


nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye metsina le eƒe ŋusesẽ, si sẽa ŋu ŋusẽtɔe le menye la nu.


Eye mi, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple miaƒe ŋutilã ƒe aʋamatsomatso me la, egbɔ agbe mi kpakplii hã, esi wotsɔ dzidadawo katã ke mi,


Ke mía Aƒetɔ ƒe amenuveve sɔ gbɔ geɖe ŋutɔ le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me.


Ke woaɖee to vidzidzi me, ne ena xɔse kple lɔlɔ̃ kple kɔ̃kɔewɔwɔ kpakple ɖokuidziɖuɖu me.


Nenema ke nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o,


eye wòɖea mí, bena míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míano anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me le xexe sia me,


bena ame tsitsiwo nanye ɖokuidziɖulawo, ɖokuiléla nyuiwo, ame ɖɔŋuɖowo, eye woanɔ blibo le xɔse, lɔlɔ̃ kple dzidodo me.


bene woaxlɔ̃ nu ɖetugbiwo, ne woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo,


Nenema ke xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo hã be, woaɖu wo ɖokui dzi nyuie.


Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“


Eyata mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, mina mo xexi, eye mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve, si wotsɔna vaa mia gbɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi blibo


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;


Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hame la; gake Diotrefo, si le didim be, yeaɖo ta ɖe wo nu la, mexɔ mi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa