Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 12:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ne veviedodo hiã la, migawo ƒome o; mixɔ dzo le gbɔgbɔ me; miwo nusi ɣeyiɣi la hiã!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Migagbɔdzɔ le vevidodo nu me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ me, eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 12:11
33 Mawu Ofanana  

Ke eya ɖo ŋu gblɔ bena: Kuviatɔwo, kuviatɔwo míenye! Eyata miele gbɔgblɔm bena: Míayi aɖasa vo na Yehowa.


Alesi aha tsitsi le na aɖuwo kple dzudzɔ na ŋkuwo la, nenema kuviatɔ le na amesi dɔ dɔe.


Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo.


Amesi wɔa alɔgblɔlɔ le ɖɔ ŋu la, nugblẽla nɔvl wonye.


Kpa amesi zã le eƒe ɖɔwɔwɔ me la ɖa, fiawoe wòasubɔ, eye menye ame tsɛwo wòasuhɔ o.


Ne ŋu mekpɔ ke haɖe o la, efɔna, eye wònaa nuɖuɖu eƒemetɔwo kple eƒe dɔlanyɔnuwo tɔ gome wo.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim.


Eye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.


Eƒe aƒetɔ la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔ! Ɖe nènyae bena, meŋea nu le afisi nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afisi nyemewu nu ɖo o mahã?


Wofia Aƒetɔ la ƒe ma amesia, eye wònye dzome le gbɔgbɔ la me; eƒoa nu, eye wòtia Yesu ŋutinya pɛpɛpɛ; ke Yohanes ƒe mawutsidedetaname ko wonyã;


hele Aƒetɔ la subɔm kple tamebɔbɔɖeanyi katã kple aɖatsiwo kple tetekpɔ, siwo va dzinye le Yudatɔwo ƒe nugbeɖoɖowo me;


Elabena amesi woyɔ wònye kluvi le Aƒetɔ la me la, enye Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, nenema ke amesi woyɔ wònye ablɔɖevi la, enye Kristo ƒe kluvi.


Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.


Mi aƒetɔwo la, miwɔ nusi dzɔ, eye wòsɔ la, na miaƒe dɔlawo, esi mienyae bena, Aƒetɔ li na miawo hã le dziƒo la ta.


Eye wosrɔ̃a kuviawɔwɔ hã henɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me; eye menye, kuvia ɖeɖeko wowɔna o, ke boŋ wonye nu kpoloe ƒolawo kple yakanuwɔlawo hã henɔa nya madzetowo gblɔm.


Eyata esi míexɔ fiaɖuƒe, si meʋuʋuna o la, mina míada akpedada, si me miato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evovo ŋuti.


Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.


Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.


Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, nègblẽ wò gbã lɔlɔ̃ la ɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa