Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 11:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 eye esiae nye nubabla, si le mía kpli wo dome, ne maɖe woƒe nuvɔ̃wo ɖa la.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Ɣe ma ɣi me la, maɖe woƒe nu vɔ̃wo katã ɖa abe nye nubabla kpli wo ene.”

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 11:27
12 Mawu Ofanana  

Eyata alea ko woawɔ hafi atsɔ Yakob ƒe vodadawo akee, eye esia katã anye eƒe nuvowo ɖeɖeɖa ƒe kutsetse: be wòƒo vɔsamlekpui ƒe kpewo katã abe akalokpe gbagbã ene, eye Asera kple ɣelegbawo maganɔ anyi o.


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabia nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.


Yehowa be: Nusi mebia kpli wò la, enye si: Nye gbɔgbɔ, si le dziwò, kple nye nya, si metsɔ de nuwo la, mate ɖa le nuwo me alo le viwòwo kple viwo wo ƒe viwo nu me o, tso fifia ɖaseɖe mava me, Yehowa ye gblɔe!


Yehowa be: Le ŋkeke mawo me, le ɣemaɣi la woadi Israel ƒe vodada, ke manɔ anyi o, eye womagakpɔ Yuda ƒe nuvɔ̃wo o, elabena matsɔe ake amesiwo makpɔtɔ ɖi.


Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


elabena esime wògblɔ be: „Esiae nye nu, si mabia kpli wo le ŋkeke siawo megbe la, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe dziwo me, eye woƒe tame hã maŋlɔ wo ɖo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa