Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 11:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 ekema megaƒo adegbe ɖe alɔwo ŋuti o, ke ne èƒo adegbe la, menye wòe lé kè la ɖe asi o, hafi kè lae lé wò ɖe asi boŋ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 11:18
14 Mawu Ofanana  

Ke Israel-fia ɖo ŋu gblɔ bena: Miɖagblɔ be: Amesi ke bia ali dzi la, meƒoa adegbe o, negbe amesi ke tu ali dzi la ko!


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.


Ke Petro xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Ne wo katã woakpɔ nuɖiaɖia le ŋutiwò la, nye la nyemele ekpɔ ge gbeɖe o.


Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.


Miawo la miedoa gbe ɖa na nusi mienya o; miawo la miedoa gbe da na nusi mienya; elabena xoxo la tso Yudatɔwo gbɔ.


Eye esi wòva la, Yudatɔ, siwo tso Yerusalem va la, le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paulo ŋuti, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋua ɖeke le o,


Enyo! Woŋe wo ɖa le dzimaxɔse ŋuti, ke wò la xɔse ŋuti nèle tsitre ɖo; megado ɖokuiwò ɖe dzi o, hafi nɔ vɔvɔ̃m boŋ!


Azɔ la, afika adegbeƒoƒo le mahã? Woɖee ɖe aga. To se ka ƒomevi mea? Ɖe dɔwɔwɔwo toe loo? Gbeɖe! Hafi to xɔse ƒe se la me boŋ.


Eyata xɔse me wòtso, bene wòanye le amenuveve nu, bene ŋugbedodo nali zã na ƒome sia ƒome, menye amesiwo tso sea me ɖeɖeko o, hafi amesiwo tso Abraham ƒe xɔse me hã, amesi nye mí katã mia fofo la,


Eyata amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.


Ke ne míenye Kristo ta la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo míenye le ŋugbedodo la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa