Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 10:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ke le Israel ŋuti la egblɔ bena: „Ŋkeke blibo la katã me medo nye asiwò ɖe dukɔ, si meɖoa to o, eye wòɖea ɖeklemi la.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Ke le Israel ŋuti la, egblɔ bena, “Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo na dukɔ si meɖoa to o la, ke wole ɖeklemiɖeɖe dzi, eye wogbea vava.”

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 10:21
19 Mawu Ofanana  

Tete wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò, wotsɔ wò se la ƒu gbe ɖe megbe, eye wowu wò nyagblɔɖila, siwo xlɔ̃ nu wo, be wioatrɔ wo ɖe ŋuwò la, eye wobɔ ahɔhlɔ ga.


Esi mele ame yɔm, eye miegbe, meke nye abɔwo, eye amea ɖeke melé ŋku ɖe eŋu o,


Eye Yehowa ɖo eƒe dɔlawo katã, siwo nye nyagblɔɖilawo ɖe mi, eɖo wo ɖe mi ɖaa atraɖi: ke mieɖo to o, eye mieƒu to anyi, be miase nu o.


Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, miɖɔ miaƒe nuwɔnawo ɖo, eye migadze mawu tutɔwo yome, ne miasubɔ wo o; ekema mianɔ anyigba, si metsɔ na mia kple mia fofowo la dzi; ke mieƒu to anyi o, eye miegbe toɖoɖom.


Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi; Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu la, ava wo dzi, elabena meƒo nu kpli wo, ke womesee o, meyɔ wo, ke womete o.


eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.


Elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialia. Kpɔ ɖa, ŋkeke alesi menɔ mia gbɔ la, miesẽ to ɖe Yehowa ŋu vaseɖe fifi; evɔ, ne meku ɖe?


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Mekpɔ dukɔ sia bena, dukɔ kɔlialiatɔ wònye.


esi wòxea mo na mí, bena míagagblɔ nya na trɔ̃subɔlawo, bene woaxɔ wo ɖe agbe o, bene woayɔ woƒe nuvɔ̃wo taŋtaŋ ɖaasi la ŋuti; ke dziku, si ava wo dzi la, yɔ taŋtaŋ.


amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa