Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 10:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ekema xɔse la tso nyagbɔgblɔ me, hafi nyagbɔgblɔ la tsoa Mawu ƒe nya me vana.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Ke xɔse vana na ame to nyanyui la sese me, eye nyanyui la tsoa Mawu ƒe nya me vana.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 10:17
24 Mawu Ofanana  

Wogblɔ nya le ŋuwò mese; ke azɔ la nye ŋkuwo kpɔ wò.


Eye wògblɔ na wo bena: Milé to ɖe nusi Sem miele la ŋuti; dzidzenu, si mietsɔ dzidze nui la, eya ke woatsɔ adzidze nui na mi, eye woade edzi na mi.


Ke eya gblɔ bena: Ẽ, Woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.


Ke lo lae nye esi: Nuku la enye Mawu ƒe nya.


Eye wòɖo eŋu na wo bena: Danye kple nɔvinyewo nye esiawo, amesiwo le mawunya la Sem, eye wole edzi wɔm.


Eye nusrɔ̃la eveawo se eƒe nuƒoƒo, eye wodze Yesu yome.


Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.


Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã?


Elabena miele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me mietsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku le le Kristo me ene.


Esia ɖeɖeko dim mele be, nasrɔ̃ tso mia gbɔ: Se la ƒe dɔwɔwɔwo mee miexɔ Gbɔgbɔ la tso loo, alo xɔse ƒe nyagbɔgblɔfia la mee miexɔe tsoe mahã?


Azɔ la, amesi tso Gbɔgbɔ la kea mi, eye wòwɔa ŋusẽdɔwɔwɔwo le mia me la: Se la ƒe dɔwɔwɔwo mee wòto loo, alo xɔse ƒe nyagbɔgblɔfia la me wòtoa?


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Eye le esia ta míawo hã miedaa akpe na Mawu ɖaa bena, esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.


Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o.


Elabena wogbugbɔ mi dzi, menye tso dzidzi gbegblẽ me o, ke boŋ tso dzidzi magblẽmagblẽ me heto Mawu ƒe nya gbagbe, si noa anyi tegbetegbe la me.


Nye Yohanes, mia nɔvi kple miaƒe hagomekpɔla le Yesu Kristo ƒe fukpekpe kple fiaɖuƒe kple dzidodo me la, menɔ ƒukpo, si woyɔna be Patmo la dzi le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa