Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 10:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena vovototoa ɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Elabena Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si, eye wònaa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa,

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 10:12
33 Mawu Ofanana  

Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ.


Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.


Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wotsɔ kpui ƒe.


Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Aƒetɔ, megado nuvɔ̃ sia teƒe na wo o! Eye esi wògblɔ esia la, eto me do alɔ̃.


eye afisia hã ekpɔ ŋusẽ tso nunɔlagãwo gbɔ, be woabia amesiwo katã yɔa wò ŋkɔ dzi.


Elabena esia ŋuti Kristo ku, eye wògagbɔ agbe ɖo, bene wòaɖu Aƒetɔ ɖe ame kukuwo kple ame gbagbewo siaa dzi.


Eye Yesaya gagblɔ bena: „Isai ƒe kè kple amesi atsi tre, bene yeaɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi la, ava; eyama xexemedukɔwo lãkpɔ mo na.“


Alo ɖe nèdoa vlo Mawu ƒe dɔmenyonyo kple dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe agbɔsɔsɔ la, eye menyae bena, Mawu ƒe dɔmenyonyo kplɔa wò yina ɖe dzimetɔtrɔ me o mahã?


esi nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, si toa Yesu Kristo dzixɔxɔse me vana na amesiwo katã xɔna sena la. Elabena vovototoa ɖeke meli o;


woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto la, amesiwo wowɔ kokoe le Kristo Yesu me, tame kokoe, siwo woyɔ kple amesiwo katã yɔa mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi le afisiafi le wo gbɔ kple mía gbɔ la:


Ame gbãtɔ, si tso anyigba me la, enye anyigbadzitɔ, ame evelia enye Aƒetɔ si tso dziƒo la.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.


amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu,


Ke Mawu, amesi nye kesinɔtɔ le nublanuikpɔkpɔ me la, le eƒe lɔlɔ̃ geɖe, si wòtso lɔ̃ mí la ŋuti,


bene le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la, wòaɖe ye ŋutɔ ƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe, si ƒo wo katã ta la, ɖe go afia le dɔmekɔkɔ, si wòka ɖe mía ŋu la me le Kristo Yesu me.


bene wòaɖi na mi le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔ la nu, bena wòado ŋusẽ mi to eƒe Gbɔgbɔ me le ememe la gome,


bena trɔ̃subɔlawo zu ŋugbedodo ƒe domenyilawo kple hadelawo kple gomekpɔlawo le Kristo Yesu me to nyanyuie la me,


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.


Ke nye Mawu la ana miaƒe hiahiã katã nazu nukpɔkpɔ taŋtaŋ le eƒe kesinɔ la nu le ŋutikɔkɔe me le Kristo Yesu me.


amesiwo Mawu ɖi be, yeana woanya nusi nye nya ɣaɣla sia ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnyenye le trɔ̃subɔlawo dome, si nye Kristo le mia me, amesi nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ,


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


Elabena Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la koe li,


Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa