Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 1:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eyaŋuti Mawu tsɔ wo de asi na ahɔhlɔ̃bɔbɔ yomenɔnɔ; elabena woƒe nyɔnuwo tsɔ dzɔdzɔme ƒe kɔnu wɔ nusi mele dzɔdzɔme nu o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la ɖɔli dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 1:26
14 Mawu Ofanana  

Tete wodo ɣli yɔ Lot gblɔ bena: Afika ŋutsu, siwo va gbɔwò egbe fiẽ la le? Kplɔ wo do go va mía gbɔe, ne míanya wo.


Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o, eye Israel melɔ̃ edzi nam o.


Eyata le woƒe dziwo ƒe nudzodzrowo me la Mawu tsɔ wo de asi na makɔmakɔnyenye, bene woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo le wo nɔewo dome;


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔla wo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo,


amesiwo, esi woƒe dzitsinya ku atri la, wotsɔ wo ɖokui na hadzedze, bene woano makɔmakɔnyenye katã dzi le ŋukeklẽ me.


Elabena nusiwo wowɔ le ɣaɣlaƒe la, enye ŋukpe be woaƒo nu le wo ŋuti gɔ̃ hã.


menye le nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie me, abe alesi trɔ̃subɔla, siwo menya Mawu o la wɔna la ene o;


kple ahasiwɔlawo kple amesiwo dɔna kple ŋutsuviwo kple amesiawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo, eye ne nu bubua ɖe li, si tsi tre ɖe nufiafia, si le blibo la ŋuti


Ke ame mawo la wogblɔa busunya ɖe nusiwo womenya o la ŋuti; ke nusiwo gɔme wose tso dzɔdzɔme abe lã nyasã manɔsitɔwo ene la, wogblẽ wo ɖokui le nusiawo me.


Abe alesi wotsɔ Sodom kple Gomora kple du, siwo ƒo xlã wo, siwo wo ahasi akpa abe woawo ene, eye wodze ŋutilã bubu yome la, wo kpɔɖeŋu, esi wokpe dzo mavɔ ƒe fu la:


Ke esi woƒe dzi gbo ɖe me la, tete duametɔwo, siwo nye ame vlowo la, va ɖe to ɖe aƒe la hele agbo la ƒom, eye wogblɔ na ame tsitsi, si nye aƒeatɔ, bena: Kplɔ ŋutsu, si va dze aƒewò me la ɖoe, ne míanyãe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa