Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 1:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eyata esi wònye wonya Mawu hafi, gake womekafunɛ abe Mawu ene o, ke boŋ woƒe tamesusuwo zu yaka, eye woƒe dzi masenugɔmewo do viviti la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Togbɔ be wonya Mawu hã la, womesubɔnɛ alo daa akpa nɛ abe Mawu ene o ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro, eye woƒe dzi manyanu la me do viviti.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 1:21
34 Mawu Ofanana  

Eye esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la,


Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.


Eye Aram-fia ƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Woƒe mawuwo la to dome mawuwo wonye, eyata wosẽ ŋu wu mí ɖo. Ke na míawɔ aʋa kpli wo le gbadzaƒe, abe míasẽ ŋu awu wo o ene.


Wodo vlo eƒe ɖoɖowo kple nu, si wobla kple wo fofowo kpakple eƒe se, si wòde na wo la, eye wowɔ yakanuwo hezu ame ɖigbɔwo, eye wodze dukɔ, siwo ƒo xlã wo la yome, eva wònye Yehowa de se na wo be, womegawɔ abe woawo ene o hafi.


Amesi tso akpedada sa vɔe la, ede bubu ŋunye; eye amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!


Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o, eye Israel melɔ̃ edzi nam o.


Aƒetɔ, dukɔ, siwo katã nèwɔ la, ava de ta agu na wò, eye woade bubu wò ŋkɔ ŋu.


Negbe esia ko mekpɔ be, Mawu wɔ amegbetɔwo woto mɔ ɖeka, ke woawo dia ayedzedze geɖe.


Elabena viviti xɔ anyigba dzi, eye blukɔ tsyo dukɔwo, ke wò la, Yehowa adze ɖe dziwò, eye eƒe ŋutikɔkɔe ado ɖe dziwò.


Yehowa, wòe nye míaƒe ŋusẽ, míaƒe mɔ̃ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe le hiãɣi! Dukɔwo atso anyigba ƒe mlɔeanuwo ava gbɔwò agble bena: Alakpa ɖeɖe sɔŋ mía fofowo tso nyi domee, toflokowo wonye, eye womele ɖeke me o.


Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?


Ale Yehowa gblɔ esi: Nu manyo ka mia fofowo kpɔ le ŋunye, be wode megbe le ŋunye, eye wodze ya nuwo yome hezu tofloko?


eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana atsa dukɔ sia wòaɖu, eye makpe aɖitsi nɛ wòano,


ne nye asi natu Israel ƒe aƒe la ƒe dzi, wo amesiwo tso woƒe legbawo katã trɔ le yonyeme.


Eyata metsɔ ɖoɖo gbegblẽwo kple se, siwo mana woanɔ agbe o la, na wo.


Eyata metso ŋu atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ dzi, eye maɖo gli ɖe edzi, ale be magakpɔ etoƒe o.


Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Eyata esi woɖe nusi woate ŋu anya le Mawu ŋuti la, fia le wo me la; elabena Mawu ɖee fia wo.


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


na woƒe ŋkuwo nado viviti, bene womagakpɔ nu o, eye na woƒe mè nabi glebee ɖaasi.“


eye bena trɔ̃subɔlawo kafu Mawu le eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Esiaŋuti makafu wò le trɔ̃subɔlawo dome, eye wò ŋkɔ la madzi kafukafuha na.“


eye atsa asi le ŋdɔ, abe alesi ŋkuagbãtɔ tsaa asi le viviti me ene; wò mɔwo madze edzi na wo o, ke boŋ woasẽ ŋuta le ŋuwò ɣesiaɣi, eye woada adzo wò, ke xɔnametɔa ɖeke manɔe na wò o.


Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo;


elabena mienyae bena, menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o,


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa