2 si wòdo ŋugbe ɖi to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le ŋɔŋlɔ kɔkɔewo me
2 Mawu do Nyanyui sia ŋugbe xoxoxo to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me,
Ke esia katã va me, bene woawu nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena:
abe alesi wòƒo nu to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔe, siwo li tso blema ke la, ƒe nu me ene:
Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le, bena amesiame, si axɔ edzi ase la, akpɔ nuvɔ̃keke to eƒe ŋkɔ la me.
Eye miawo míele nyanyuie, si ŋugbe wodo na fofoawo la, gblɔm fia mi,
Eye azɔ la mele tsitre be, woadrɔ̃ ʋɔnum le mɔkpɔkpɔ na ŋugbedodo, si Mawu ɖo na mía fofowo la ŋuti;
esi woɖe ɖe go fia azɔ, eye to nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawome le Mawu mavɔtɔ ƒe sedede la nu, wòna trɔ̃subɔlawo katã nyae hena xɔse ƒe toɖoɖo:
Nu geɖe le go sia go me; gbã wotsɔ Mawu ƒe nyawo ɖewo si.
Ke azɔ la se la manɔmee woɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye hefiã, esi ŋuti se la kple nyagblɔɖilawo ɖi ɖase le,
ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;