Ke Paulo ɖo ŋu gblɔ bena: Nukae nye esi wɔm miele hele avi fam, eye miele nye dzi gbãm mahã? Elabena nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woabiam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta.
Ke aleke woaɖe gbe ƒã, ne womeɖo wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!“
Ke le esiawɔwɔwo me mebui bubunu be, magblɔ nyanyuie la atia, menye afisi woyɔ Kristo ƒe ŋkɔ le xoxo o, bene nyemagatu ɖe ame bubu ƒe gɔmeɖoɖoanyi dzi o,