Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 1:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Nɔviwo, nyemele didim be, miaganyae o bena, meɖo tame edziedzi be, mava mia gbɔ, ke woxe mɔ nam vaseɖe fifi, bene makpɔ kutsetse le mia dome hã, abe alesi mekpɔ le dukɔ bubuwo dome ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa, ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome, eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome ene, gake esia mete ŋu dze edzi o.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 1:13
38 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke, siwo gbɔna me la, Yakob ato ke, Israel adze, eye wòaƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexeame taŋ.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena, ne bliku la mege ɖe anyigba me, eye woku o la, ekema eya ɖeka tsia anyi; ke ne eku la, etsea ku geɖe.


Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.


Amesi ŋea nu la, kpɔa fetu, eye wòƒoa kutsetse nu ƒu ɖe agbe mavɔ me, bena amesi ƒã nu kple amesi ŋe nu la, siaa nakpɔ dzidzɔ.


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Ke esi wova afima, eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo, kple alesi wòʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru na trɔ̃subɔlawo.


Tete ameha blibo la katã zi ɖoɖoe, eye woɖo to Barnaba kple Paulo ƒe nyaxexlẽfia le dzesi kple nukunu, siwo katã Mawu wɔ to woƒe asiwo dzi le trɔ̃subɔlawo dome la ŋuti.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Eye esi wòdo gbe na wo la, exlẽ nusiwo katã Mawu wo le trɔ̃subɔlawo dome to eƒe subɔsubɔ me la na wo ɖekaɖeka.


Afisi miekpɔ nɔviwo le, eye woɖe kuku na mí bena, mianɔ yewo gbɔ ŋkeke adre; eye ale mieva Roma.


eya nye bene, woafa akɔ nam le mia dome le xɔse, si nye mia kple mia tɔ siaa la me.


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Alo nɔviwò, elabena mele nu ƒom na amesiwo nya se la, ɖe mienyae bena, se la ɖua fia ɖe ame dzi le eƒe agbenɔɣi blibo la katã o mahã?


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwò, le mía Aƒetɔ ƒe ŋkɔa dzi bena, mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye mamãa ɖeke naganɔ mia dome o; ke míazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me.


Elabena nyemele didim be, miaganyae o, noviwò, bena mía fofowo katã nɔ alilikpo la te, eye wo katã woto ƒu la me,


Ke le gbɔgbɔ me nunanawo ŋuti la, nɔviwò, nyemele didim be, mianye ame manyanuwo o.


Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.


Azɔ la alekee, nɔviwò? Ne mieva kpe ta la, hadzidzi kple nufiafia kple gbegbɔgblɔ kple nyaɖeɖefia kple gɔmeɖeɖe le mia dome amesiame si; woawo nuwo katã hena ŋgɔgbedede!


Ne nyemenye apostolo na ame bubuwo o hã la, menyee na mi; elabena miawoe nye nye apostolonyenye ƒe nutrenu le Aƒetɔ la me.


Nɔviwo, míele didim be, miaƒe xaxa, si miekpɔ le Asia la, nanɔ manyamanya na mi o, bena wowɔ fu mí geɖe ŋutɔ, wu alesi míete ŋu kpee, ale gbegbe be, míetsi dzodzodzoe keŋ le míaƒe agbe ŋuti.


Ke woada akpe na Mawu, si nana mieɖua dzi ɖaasi le Kristo me, eye wòɖe eƒe sidzedze ƒe ʋeʋẽ lilili la ɖe go fia to mía dzi le afisiafi.


Nɔviwo, mele nu ƒom abe ame ene; ame ƒe nubabla, si dzi woɖo kpee la, amea ɖeke metunɛ alo tsɔa nane kpena ɖe eŋuti o.


Mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la, nɔviwo! Amen.


Ke ne nye agbenɔnɔ le ŋutilã me na nye dɔwɔwɔ tsea ku la, nyemenya nusi matia le eme o.


Menye be, mele nane dim o, ke boŋ mele didim bena, kutsetse nasɔ gbɔ ɖe edzi na miaƒe akɔnta.


bene miazu alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do nyui wɔwɔ me,


esi va mia gbɔ, abe alesi wòle xexe blibo la katã hã me ene, eye wòtsea ku, eye wotsina, abe alesi wòle le miawo hã mia dome tso ŋkeke ma, si dzi miese, eye miedze si Mawu ƒe amenuveve le nyateƒe me la ene,


Eyata míedi be, míava mia gbɔ, nye Paulo la zi ɖeka kple zi eve hã: ke Satana xe mɔ na mí.


Ke, nɔviwo, míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.


Elabena sedzimawɔmawɔ ƒe nya ɣaɣla la le da wɔm ŋusẽtɔe xoxo; ɖeko wòle be, woaɖe amesi le ma xem vaseɖe fifi la da le mo la dzi hafi;


Ke Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu, eye trɔ̃subɔlawo katã nasee, eye wòɖem le dzata ƒe nu me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa