Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 eya nye bene, woafa akɔ nam le mia dome le xɔse, si nye mia kple mia tɔ siaa la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 ale be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 1:12
17 Mawu Ofanana  

Esi amesia va, eye wòkpɔ Mawu ƒe amenuvevea la, edzɔ dzi, eye wòde dzi ƒo na wo katã bena, woanɔ Aƒetɔ la gbɔ kple woƒe dzimeɖoɖo.


Elabena ele dzroyem vevie bena, makpɔ mi ɖa, bene matsɔ gbɔgbɔ me nunanaa ɖe ana mi, ne wòado ŋusẽ mi;


Nɔviwo, nyemele didim be, miaganyae o bena, meɖo tame edziedzi be, mava mia gbɔ, ke woxe mɔ nam vaseɖe fifi, bene makpɔ kutsetse le mia dome hã, abe alesi mekpɔ le dukɔ bubuwo dome ene.


gbesigbe ke madze mo ayi Spania la, mava mia gbɔ; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne mele afima mɔ tom la, mava kpo mi ɖa, eye miaɖom ɖa ayi afima, ne mia kpɔkpɔ naɖi ko nam ʋee hafi.


bene mava mia gbɔ kple dzidzɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, eye mia kple miawo míagbɔ ɖe eme.


Eyaŋuti wofa akɔ na mí; ke hekpe ɖe míaƒe akɔfafa sia ŋuti la miekpɔ dzidzɔ geɖe wu le Tito ƒe dzidzɔ la ŋuti, esi eƒe gbɔgbɔ kpɔ gbɔɖeme tso mi katã mia gbɔ la ŋuti.


Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, mawutsidedeta ɖeka,


ne medo ŋku wò aɖatsiwo dzi la, edzroam be, makpɔ wò, bene dzidzo nayɔm fũ —


ŋlɔ ɖo ɖe Tito, vinye vavã le mí ame eve ƒe xɔse la nu: Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa, si tso Mawu, Fofo la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo, mía xɔla gbɔ la, woana wò!


Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo kpɔ xɔse xɔasi ma ke kpli mí le mía Mawu kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe dzodzoenyenye la me:


Dzi dzɔm ŋutɔ bena, mekpɔ viwòwo dometɔa ɖewo le nyateƒe la me zɔm, abe alesi miexɔ se tso Fofo la gbɔ ene.


Lɔlɔ̃tɔwo, esi medo vevie ŋutɔ, bena maŋlɔ nya le mi katã miaƒe xɔxɔ la ŋuti aɖo ɖe mi la, ezu dzizizi nam be, maŋlɔe atsɔ axlɔ̃ nu mi, bene miaʋli xɔse, si wode asi na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa