Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 99:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Enɔ alilikpo dodo me ƒo nu kpli wo, wolé eƒe sewo me ɖe asi, eye wòde ɖoɖo asi na wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me, eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 99:7
12 Mawu Ofanana  

Eɖo viviti ɖa, eye blukɔ do, ke womebu eƒe nyawo o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Mava gbɔwò le alilikpo dodoa ɖe me, be ne mele nu ƒom kpli wò la, dukɔ la nasee, eye woaxɔ dziwò ase tegbee. Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.


Ne me da, gake nye ŋku me la, amea ɖeke makpɔe akpɔ o. Mose yi ɖe agbadɔ la me la, alilikpo dodoa ɖe ɖina va nɔa agbadɔ la nu, eye wòƒoa nu kple Mose.


Eye Mose wɔe pɛpɛpɛ. Alesi Yehowa de se ne la, nenema wòwɔ.


Amesi ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.


Tete Yehowa ɖi va agbadɔ la nu le alilikpo dodoa ɖe me, eye wòyɔ Aron kple Miryam, eye woa kple eve la woyi.


Tete dɔme ve Mose ŋutɔ, eye wògblɔ na Yehowa bena: Megatrɔ ɖe woƒe vɔsa la ŋu o! Nyemexɔ tedzi ɖeka hã le wo si o, eye nyemewɔ vɔ ɖe wo dometɔa ɖeke ŋu hã o.


Wogblɔ le wo fofo kple wo dada ŋu be, yewo mele wo kpɔm o; womedze si wo nɔviŋutsuwo o, eye womenya woƒe viŋutsuwo o; ke boŋ woɖo to wò nyawo, eye wolé wò nubabla me ɖe asi.


Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi.


amesi nye nuteƒewɔla na amesi ɖoe, abe alesi Mose hã nye nuteƒewɔla le eƒe aƒe blibo la katã me ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa