Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 99:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Mido Yehowa, mía Mawu la, de dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ! Eyama le kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Mido Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu, elabena eya amea le kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 99:5
15 Mawu Ofanana  

Eye fia la tso ɖe tsitrenu gblɔ bena; Nɔvinyewo kple nye dukɔ, miɖo tom! Meɖo ɖe la me be, matu gbɔɖemeƒe na Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple mía Mawu ƒe afɔɖodzinu, eye medzra ɖo ɖe elutu ŋu.


woadoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe takpekpe me, eye woakafui le ame tsitsiwo ƒe adaŋu me!


Elabena wò amenuveve kɔ gbɔ dziƒo ta, eye wò nyateƒe datɔ alilikpowo.


Nye Mawu nenye, mada akpe na wò; nye Mawu, mado wò ɖe dzi.


Mina míayi enɔƒe, eye míaɖe ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ.


Elabena ana woatrɔ ʋume; àtsɔ wò da adzidze woƒe ŋku mee.


Nye luʋɔ atsɔ Yehowa aƒo aɖegbee, hiãtɔwo asee, eye woakpɔ dzidzɔ.


Woakafu wò ŋkɔ, elolo, ŋɔdzi le eŋu, eye wòle kɔkɔe.


Mido Yehowa, mía Mawu la, ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe to kɔkɔe la ŋgɔ, elabena Yehowa, mía Mawu la, le kɔkɔe!


Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Nye Mawue, eyata makafui, fofonye ƒe Mawue, eyata madoe ɖe dzi!


ahagblɔ le ɣemaɣi be: Mikafu Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome, miɖe gbe ƒãe be, eƒe ŋkɔ de dzi.


Yehowa, nye Mawu nènye, mado wò ɖe dzi, eye makafu wò ŋkɔ! Elabena èwɔ nukunuwo, wò gbaɖegbe tameɖoɖowo nye nyateƒe, eye wometrɔna o!


Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?


Aglãdzedze de ŋunye vivia nye dukɔ nu, eye ne woyɔ wo ɖo ta dzi hã la, wo ɖometɔa ɖeke mefɔa eɖokui dzi o.


Ƒo nu kple Israel ƒe ha blibo la, eye nagblɔ na wo bena: Ame kɔkɔewo mianye, elabena nye Yehowa, mia Mawu la, mele kɔkɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa