Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 99:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Yehowa le fia ɖum, dukɔwo nedzo nyanyanya, enɔ eƒe fiazikpui dzi gli le kerubiwo dome, anyigba neʋuʋu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 99:1
30 Mawu Ofanana  

Eye Dawid kple dukɔ blibo, si le eŋu la, dze mɔ yi Baal-Yuda, ne woatsɔ Mawu ƒe aɖaka, si ŋu woyɔa Yehowa Zebaot, amesi le Kerubiwo ta me ƒe ŋkɔ ɖo la, atso afima.


Anyigba blibo la ƒo kpakpakpa le eŋku me; ena anyigba li ɖi sesĩe, be megaʋã o.


Eviã dziƒo heɖi ɖe anyi, eye alilikpo dodo le eƒe afɔwo te.


Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Wò, Israel kplɔla, see! Wò, amesi kpɔ Yosef dzi abe alẽ ene, eye nèbɔbɔ nɔ kerubiwo dzi gli la, do!


Womedze sii o, eye womenyae o, wole zɔzɔm le viviti me, eye anyigba ƒe agunuwo katã le ʋaʋãm.


Yehowa enye fia! Eta ganyenye, Yehowa ye me, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi, eyae li ke xexeame, mana o.


Migblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa ye nye fia! Xexeame li ke, maʋã o. Àdrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ne eteƒe.


Mina atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me de ta agu de Yehowa ŋku me; anyigba wo katã, midzo nyanyanya!


Yehowa nye fia, anyigba netso aseye, ƒukpo geɖeawo nekpɔ dzidzɔ!


Eƒe dzikedzowo klẽ ɖe xexea me; anyigba kpɔe, eye wòlulu.


Kerubi eve, siwo le nubablaɖaka tame la domee maɖe ɖokuinye afia wò le, eye magblɔ nya, siwo katã made asi na Israel-viwo la na wò tso afima.


Yehowa de ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ wo me, ne woaflu Egipte le eƒe nuwɔwowo katã me, abe alesi ahamula nɔa ya mum le eƒe xeɖeɖe me ene.


Meɖe ŋku ɖe towo, kpɔ ɖa, wole dzodzom kpekpekpe, kple ɖe togbɛwo katã, kpɔ ɖa, wole ʋaʋãm.


Anyigba ʋuʋu le eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi ta, wose konyifaɣli le Avaƒu la nu ke.


Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.


Anyigba ʋuʋu, eye wose konyifaɣli le dukɔwo dome le ɣli, si ɖi be, woxɔ Babel la ta.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, esia enye nye fiazikpui nɔƒe kple nye afɔƒome ɖoƒe, afisi manɔ le Israel-viwo dome tegbee, eye Israel ƒe aƒe la, woawo kple woƒe fiawo magatsɔ woƒe gbolowɔwɔ le woƒe nuxeƒewo kple woƒe fiawo ƒe kukuawo ado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o;


Eyaŋuti wògblɔ bena: Ame ŋkutaa ɖe yi ɖe anyigba didia ɖe dzi be, yeaxɔ fiaɖuƒe na ye ɖokui, eye yeagatrɔ agbɔ.


Ke eƒe dumetɔwo lé fui, eye wodɔ ame ɖe eyome gblɔ bena: Mielɔ̃ bena, amesia naɖu fia ɖe mia dzi o.


Gake nye ketɔ ma, siwo melɔ̃ be, maɖu fia ɖe wo dzi o la, atikplɔ wo va afii, eye miwu wo le ŋkunye me.


Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!


le gbɔgblɔm bena: Míeda akpe na wò, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, wò amesi li, eye nenɔ anyi; elabena exɔ wò ŋusẽ gã, eye neɖu fia.


Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o.


Eye woŋlɔ dziƒo ɖa abe agbalẽ ŋɔŋlɔ ene, eye woɖe to sia to kple ƒukpo sia ƒukpo ɖa le wo teƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa