5 Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo; ke Yehowa ye wɔ dziƒo.
5 Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo, ke Yehowae wɔ dziƒowo.
Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.
Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ƒe ame yayrawo mienye.
Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.
Amesiwo wɔ wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, di woamawo.
Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo, newɔ la,
Kpɔ ɖa, wo katã mele ɖeke me o, nu dzodzroa enye woƒe dɔwɔwɔ, ya kple tofloko enye woƒe legbawo.
Ale Mawu Yehowa, amesi wɔ dziƒowo, eye wòhe wo me, amesi keke anyigba kple eƒe numiemiewo ɖe nu, amesi na agbe dukɔ, si le eɖzi, kple gbɔgbɔ amesiwo zɔa edzi la, gblɔ esi:
Eye miekpɔ, eye miese hã bena, menye Efeso ɖeɖeko o, ke boŋ Asia blibo la katã kloe, Paulo sia ƒoe ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame le gbɔgblɔm bena, esiwo wowɔ kple asiwo la, womenye mawuwo o.
Azɔ mienya le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti bena, trɔ̃a ɖeke mele xexe sia me o, eye bena, mawu bubua ɖeke hã meli o, negbe ɖeka hã koe li.