9 Eya, amesi wɔ to, ɖe mase nu oa? Eya, amesi wɔ ŋku, ɖe makpa nu oa?
9 Ɖe eya ame si wɔ to la mase nu oa? Ɖe eya ame si wɔ ŋku la makpɔ nu oa?
Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.
Eɖo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku dem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o.
Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu.
Ɖe wònye ɖe míeŋlɔ mía Mawu ƒe ŋkɔ be, eye míeke míaƒe asiwo na mawu tutɔwo la,
Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ameka wo nu na ame? Ameka wo aɖetututɔ alo tokunɔ alo nukpɔla alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowa oa?
Fewuɖula enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, madze nunya o.
To senu kple ŋku kpɔnu la, Yehowa ye wɔ woa kple eve la siaa.
Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme, be maxɔ na ame o, eye eƒe to metsi, be mase nu o;
Mietsɔ miaƒe nuwo ƒo adegbe ɖe ŋunye, eye miedudu nya ƒo ɖi bababa ɖe ŋunye mese.
Ne ŋutilã blibo la katã nye ŋku la, afika nusese anɔ? Ne ŋutilã blibo la katã nye nusese la, afika ʋeʋẽsese anɔ mahã?