4 Wole nuƒoƒo yrom hele nya tovowo gblɔm; ame vɔ̃ɖiwo katã le ɖadzra ɖam.
4 Wole nya tovowo gblɔm, eye dada yɔ ame vɔ̃ɖiwo katã me fũu.
Ame vlowo ƒe aseyetsotso nu mesena yina o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzɔ nɔa anyi aɖabaƒoƒo ɖeka koa?
Ke amesiwo dze yi woƒe mɔ gɔglɔ̃wo dzi la, Yehowa akplɔ wo akpe ɖe nu vlo wɔlawo ŋu ayii. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi!
Amesiwo le nu vɔ̃ɖi susum ɖe dzi me, eye wole aʋawɔwɔ dim gbesiagbe;
Yehowa, megana ŋu nakpem o, elabena mele yɔwòm; ŋu nekpe ame vɔ̃ɖiwo, eye woƒe nu netɔ kpe le tsiẽƒe!
Dawid ƒe nufiameha na henɔ la,
Megawu wo o, ne nye dukɔ ƒe ŋku nanɔ edzi! Tsɔ wò ŋusẽ nyã wo de gbe, eye natsɔ wo aƒu anyi, wò Aƒetɔ, mía akpexɔnu!
Wogbɔ le fiẽ le gbe tem abe avũwo ene, eye wole tsa glãla tsam le ɖua me.
nenema nye dzidzime, si ƒe aɖuwo nye yi, eye eƒe tsyowo nye hɛ, ne woaɖu hiãtɔwo ɖa le anyigba dzi kple ame dahewo ɖa le amegbetɔwo dome.
Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.
Meɖo ŋku anyi le nu kpɔm le nya gãgã, siwo gblɔm lãdzoa le la ta; mede ŋku ɖee, vaseɖe esime wowu lã la, wogblẽ eƒe kukua, eye wotɔ dzoe.
Agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye wòatsrɔ̃ dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo; aɖo ɖe ta me be, yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo, eye woatsɔ wo aɖe asi nɛ ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve kpakple ɣeyiɣi afã.
Meɖe ŋku ɖe dzoawo, eye kpɔ ɖa, dzo suea ɖe to ɖe wo domee, dzo sia to ŋku abe amegbetɔ ƒe ŋku ene, eye nu, si gblɔa nya gãwo la, li nɛ; eye wotu eƒe dzo gbãtɔwo dometɔ etɔ̃.
Edo eɖokui de dzi de aʋakɔwo ƒe amegã hã ŋu, eye wòxɔ gbesiagbe vɔsa le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la.
Ke esi farisitɔwo see la, wogblɔ bena: Nenem me sia manyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, ne menye to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi o.
Dawo ƒe dzidzimewo! Aleke lawɔ mi, amesiwo vɔ̃ɖi la, miate ŋu agblɔ nya nyuiwo mahã? Elabena nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.
Miganɔ adegbe ƒom atraɖii o, eye nya vlo meganɔ dodom le mia nu o! Elabena nunyawo ƒe Mawu enye Yehowa, amesi ɖaa nuwɔwɔwo kpɔ na.