Mia Mawu, madrɔ̃ ʋɔnu wo oa? Elabena ŋusẽa ɖeke mele mía ŋu ɖe ameha gbogbo sia, si ho ɖe mía ŋu la ŋuti o. Mienya nuka wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le.
Esi nèdze agbo ɖe ŋunye, eye wò dàda va nye to me ŋuti la, eyata matsɔ nye ga aɖe ŋɔti na wò, eye made nye numega nu na wò ahakplɔ wò agbugbɔ ato mɔ, si dzi neto va la.
Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.
Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.