Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 92:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena wò, Yehowa, ètsɔ wò dɔwɔwɔwo do dzidzɔ nam, wò asinudɔwo ta mele aseye tsom ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo lolo loo, aleke wò susuwo me goglo ale?

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 92:5
15 Mawu Ofanana  

Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Ewɔ wo katã le nunya me: anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo.


Yehowa ƒe dɔwɔwɔ lolo, amesiwo katã dzrom wole la, dia eyome.


Ke nye la, Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Aleke woƒe xexlẽme mehesɔ gbɔe o!


Yehowa, wò amenuveve ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ ɖaseɖe alilikpowo ŋu.


Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi, eye metrɔ eɖokui ɖe ɖadzraɖalawo kple amesiwo ku ɖe aʋatsokaka ŋu la, ŋuti o.


Woɖe dzi ƒo na wo ɖokui ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu, eye woɖo be, yewoatre mɔ̃ ɖe vivime hele gbɔgblɔm be: Amekae le ekpɔ ge?


Migblɔ na Mawu be: Ŋɔdzi le wò dɔwɔwɔ ŋu loo! Le wò ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ ta wò futɔwo avivi nu me na wò.


Nusi li la, adzɔge wòle; ele to me, ẽ, to me wòle; ameka ƒe asi atui?


Esia hã tso Yehowa Zebaot gbɔ. Eƒe adaŋudede enye nuku, eye eƒe nunya lolo.


Yehowa ƒe dɔmedzoe matrɔ kɔ o, negbe ɖeko wòawɔ eƒe dzimesusu dzi ade goe hafi; le ŋkekeawo ƒe nuwuwu la miadze sii.


Ke miawo la Mawu ɖee fia mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi; elabena Gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke.


Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla, aƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa