Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 92:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi bɔkɔɔ, eye nye to ase nya le ame vlo, siwo tso ɖe ŋunye la ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ame dzɔdzɔewo atsi abe ale si deti tsinae ene, woatsi akɔ abe Lebanon ƒe sedati ene;

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 92:12
17 Mawu Ofanana  

Eye woŋlɔ Kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo kekewo ɖe xɔwo kple eve ƒe gliwo katã ŋu le eme.


Eye Yudatɔwo tsɔ yi dza woƒe futɔwo katã, wowu wo, eye wotsrɔ̃ wo, eye wowɔ woƒe ketɔwo alesi dze wo ŋu.


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Mawu ƒe atiwo ɖia ƒo, Libanon ƒe sederti, siwo wòdo.


mi towo kple togbɛwo katã afi tsekuwo kple sedertiwo katã;


Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.


Ame dzɔdzɔewo lakpɔe, eye dzika atso wo ƒo, eye woakoe be:


Ekema ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o.


Gegeme menya esia o, eye bometsila medze sii o.


Sesewuwo amie ɖe ŋuvewo teƒe, eye gbe ʋeʋẽewo amie ɖe dzawo teƒe, eye wòazu kafukafu na Yehowa kple ŋkuɖodzinu mavɔ, si nu mayi o.


Womãtu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.


Eyama le abe ati, si wodo ɖe tɔ to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene; ne ŋdɔ le vevem la, mevɔ̃na o, eye eƒe aŋgbawo dea ama; ne ku ɖi hã, metsia dzimaɖi o, eye wonɔa tsetse dzi ɖaa.


Evɔ wònye metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, amesiwo dzo atsu, abe alesi sederti kɔe ene, eye wosesẽ abe sesewu ene hafi; metsrɔ̃ woƒe tsetsea dzi me kple woƒe ke le to me.


Nye ketɔ, amesi le gbɔgblɔm nam be: Afika Yehowa, wò Mawu, le hã la, akpɔe, eye ŋukpe alée. Nye ŋku aɖi ƒo ɖe eŋu, emegbe woafanyae abe ba le kpɔdomee ene.


Ele abe alesi tɔʋu mlo ɖe nu le bali me ene; eye wòɖi aba le tɔsisi to, ele abe aloeti, siwo Yehowa do ene, eye wòɖi seder le to to.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa