Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 92:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dzudzɔgbehadzidzi la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Enyo be woakafu Yehowa, eye woadzi ha na wò ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 92:1
22 Mawu Ofanana  

Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!


Mikafu Yehowa, elabena Yehowa ƒe dɔme nyo; midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ, elabena vivi le eŋu.


Mikafu Yehowa, elabena kafukafuhadzidzi na mía Mawu la enye, eye wòvivina; kafukafu edzee.


Migli kple dzidzɔ, mi ame dzɔdzɔewo, de Yehowa ŋu; kafukafuha dze nuteƒewɔlawo!


Amesi tso akpedada sa vɔe la, ede bubu ŋunye; eye amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!


Kpɔ ɖa, ŋutsu, si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ̃ sesẽe o, ke boŋ wòɖo dzi ɖe eƒe kesinɔnu sɔgbɔawo ŋu, eye wòtɔ asi kɔ ɖe eƒe nuwo ŋu la enye si!


Kpɔ ɖa. Mawua nye xɔnametɔ, Aƒetɔ la lé nye luʋɔ ɖe asi.


Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu ke Aƒetɔ Yehowa ŋu, ne maxlẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã afia.


Nyee gblɔ be: Mawuwo mienye, eye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo mi katã mienye!


Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar.


eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me,


Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.


Eyaŋuti Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa