Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 9:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ve nunye, Yehowa! Wò amesi ɖe asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpa alesi mele fu kpemi le nye adikãtɔwo si me la ɖa:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 be maɖe wò kafukafu afia le Zion Vinyɔnu ƒe agbowo me, eye le afi ma matso aseye le ɖeɖe si nènam la ta.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 9:14
27 Mawu Ofanana  

Amekae ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo ade goe, eye wòaɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔxɔxɔwo katã?


Ne nye futɔ magagblɔ be: „Mede enu“ o, eye nye ketɔ matso aseye, le esi ke ɖe le tenye ta o!


Awɔ na wò le wò dzimedidi nu, eye wòawɔ wò tameɖoɖowo katã dzi na wò.


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Xɔm tso dzata ƒe nu me, eye naɖem tso tò ƒe dzowo nu.


Elabena medo vlo, eye menya ŋu hiãtɔ ƒe hiã o, meɣla ŋku me ɖee o, eye esi wodo ɣli nɛ la, eɖo to.


Ekema manyɔ wò ŋkɔ le ameha gãwo me, eye makafu wò le eme geɖewo dome.


Ke nye luʋɔ atso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu.


Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, esi wole gbɔgblɔm nam edziedzi be: Afika gɔ̃ wò Mawu la le?


Mawu, wɔ dzi dzadzɛa ɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!


Mafia wò mɔ dzidalawo, eye nuvɔwɔlawo atrɔ tame ɖe ŋuwò.


Yehowa, ve nunya, elabena nu te ŋunye belibeli; da gbe le ŋunye, elabena ŋɔdzi lé nye ƒuwo!


Elabena kplu le Yehowa si, wein le fu tem le eme, eye aha tɔtɔ yɔe banaa; eku aha tso me, anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo akplɔ keke ahaƒã ke hã, eye woanoe ƒiaƒiaƒia.


Ke mí, wò dukɔ kple wò lãnyiƒe ƒe alẽwo, míada akpe na wò tegbee, eye míaxlẽ wò ŋkɔxɔxɔ afia le dzidzimewo katã me.


Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.


Eye esi Israel-viwo ƒe ɣli ɖi mese, eye mekpɔ, alesi Egiptetɔwo le fu wɔm wo la,


Eye miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ


Ale Yehowa gblɔ ɖe eŋu enye si: Ɖetugbi, Zion-nyɔnuvi, ɖe alɔme le ŋuwò, eye wòko wò, Yerusalem-nyɔnuvi ʋuʋu ta de yowòme.


Kpɔ ɖa, Yehowa na wosee le anyigba ƒe mlɔenu ke: Migblɔ na Zion-nyɔnuvi be: Kpɔ ɖa, wò xɔname gbɔna, kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe dɔ dze eŋgɔ.


Zion-nyɔnuvi, tso nafanya nu! Elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli, ne nagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye nakɔ aboyonuwo ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba blibo la dzi Aƒetɔ.


Ke nyea matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye xɔnametɔ la ŋu.


eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu, nye xɔla ŋuti,


Eye Xana do gbe ɖa gblɔ bena: Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me, eye nye dzo do lɔƒuu le Yehowa me, nye nu ké baa ɖe nye futɔwo ŋu, elabena wò ɖeɖe ladzɔ dzi nam!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa