Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 9:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Ŋutsuvi la ƒe ku“ ƒe gbeɖiɖi nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Makafu wò, O! Yehowa, kple nye dzi blibo, maɖe wò nukunuwɔwɔwo katã afia.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 9:1
22 Mawu Ofanana  

Miɖo ŋu eƒe nukunuwo, dzesiwo kple ʋɔnudɔdrɔ̃, si tso eƒe nu me,


Miƒo nu le eƒe ŋutikɔkɔe ŋu le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo ŋu le anyigbadzitɔwo katã dome.


Amekae ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo ade goe, eye wòaɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔxɔxɔwo katã?


Mikafu Yehowa! Makafu Yehowa tso dzi blibo me le dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe adaŋu me kple amehawo dome.


Dawid tɔ. Makafu wò tso dzi blibo me, eye madzi kafukafuha na wò le mawuwo ŋku me.


ahana kafukafuha naɖi, eye maxlẽ wò nukunuwo katã afia.


Mafia wò mɔ dzidalawo, eye nuvɔwɔlawo atrɔ tame ɖe ŋuwò.


Eƒe dzɔgbevɔ̃e trɔ va eƒe ta dzi, eye eƒe ŋutasesẽ gbugbɔ va dze eƒe dzodome.


Makafu wò Aƒetɔ Mawu tso dzi blibo me, eye made bubu wò ŋkɔ ŋu ɖaa.


Ve nunye, Yehowa! Wò amesi ɖe asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpa alesi mele fu kpemi le nye adikãtɔwo si me la ɖa:


Ɣemaɣi la àgblɔ bena: Mekafu wò, Yehowa, elabena edo dɔmedzoe ɖe ŋunye, ke wò dɔmedzoe nu fa, eye nève nunye.


Dukɔ, si mewɔ na ɖokuinye la, axlẽ nya afia le nye kafukafu ŋu.


Kposɔwo anyẽ atsyɔ wò bibibi kple kposɔviwo tso Midian kple Efa; wo katã woatso sika kple dzudzɔ ʋeʋẽedonu atso Seba vɛ, eye woaɖe gbe ƒã Yehowa ƒe kafukafu.


Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.


Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.


Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla, aƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa