Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 86:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Aƒetɔ, dukɔ, siwo katã nèwɔ la, ava de ta agu na wò, eye woade bubu wò ŋkɔ ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 O! Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la ava asubɔ le ŋkuwò me, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 86:9
23 Mawu Ofanana  

ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nawɔ nusiwo katã ŋuti du bubu me to la le yɔwòm ɖo la, ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si wò ŋkɔ, eye woavɔ̃ wò abe wò dukɔ Israel ene, eye wòadze sii bena, wò ŋkɔ woyɔ ɖe xɔ sia, si metu la ŋu!


Elabena wò dɔlawo melɔ̃a nu le eƒe kpewo gbɔ o, eye eƒe anyiglãwo ƒe nu vea wo.


atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kukuɖeɖe o.


Anyigbawo katã ade ta agu na wò, eye woadzi kafukafuha na wò, woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ. Sela.


Anyigba mie eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.


Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!


Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso tɔsisi la nu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.


Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa xa anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.


amesiwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ do, amesiwo mewɔ hena nye bubu, memè wo, eye mewo wo.


Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo avɔ̃ eƒe ŋutikɔkɔe, elabena ele vava ge abe tɔsisi, si xaxa, eye Yehowa ƒe ahom lɔ ɖe nu la ene.


Eye woava me, ne dzinu yeye sia dzinu yeye kple dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe ɖo la, ŋutilãwo katã ava ado gbe ɖa le ŋkunye me, Yehowa ye gblɔe!


Emegbe makɔ nuyi ŋu na dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔ asubɔe.


Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


eye bena trɔ̃subɔlawo kafu Mawu le eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Esiaŋuti makafu wò le trɔ̃subɔlawo dome, eye wò ŋkɔ la madzi kafukafuha na.“


bene mianɔ anyi na eƒe ŋutikɔkɔe le kafukafu, mí amesiwo kpɔ mɔ na Kristo gbã la,


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


Eye wotsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wotu nu ɖe enu, eye wotre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi; esia megbe la ele be, woagatui ɣeyiɣi via ɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa