4 Do dzidzɔ na wò dɔla ƒe luʋɔ, elabena Aƒeto, wòe mekɔ nye luʋɔ dzi na!
4 O! Aƒetɔ, tsɔ dzidzɔ vɛ na wò dɔla, elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na.
Na mese wò amenuveve le ŋdi, elabena ŋuwò mele ŋu ɖom ɖo; ɖe mɔ, si mato la fiam, elabena wòe mewu nye luʋɔ dzi na.
Dawid tɔ. Yehowa, wòe mewu nye luʋɔ ɖe dzi na.
Mawu, wɔ dzi dzadzɛa ɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!
Nya xɔname, nye bubu kple nye ŋusẽ ƒe aga le Mawu gbɔ, eye Mawu me nye sitsoƒe le.
ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.
ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawo la ŋuti, elabena kpo ɖa, mawo Yerusalem hena aseyetsotso, eye eƒe dukɔ la hena dzidzɔkpɔkpɔ.