3 Aƒetɔ, ve nunye, elabena wò yɔm mele gbawotsyogbe.
3 O! Aƒetɔ, kpɔ nye nublanui, elabena mele yɔwòm ŋkeke blibo la.
Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num; elabena wòe nye nye xɔname Mawu, wòe mele mɔ kpɔm na ɣesiaɣi.
Dawid ƒe ha na kasaŋkutɔwo ƒe henɔ.
Nyea mele gbɔgblɔm be: Yehowa, ve nunye, da gbe le nye luʋɔ ŋu, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò!
Ke nyea meyɔ Mawu, eye Yehowa xɔ nam.
Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, ne woadzi ɖe „Ahɔ̃ne tsi nu maƒo le didiƒe“ ƒe gbe nu, nu le esime Filistitɔwo lée le Gat.
Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, le esime wòsi le Saul nu yi agado la me.
Hiã ti kɔ na nye ŋku; meyɔ wò, Yehowa, gbawotsyogbe ye meke nye abɔ na wò.
Yehowa, nye xɔname ƒe Mawu, medo ɣli le ŋkeke me, eye zã me la mele ŋkuwò me.
Ede nye ame nyanyɛwo ɖa le ŋunye, eye nètsɔm ɖo ŋunyɔnui na wo, èdo ʋɔ ɖe nunye, dodo meli nam o.
Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã?
eye wònye ahosi, si xɔ ƒe blaenyi vɔ ene, eye medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm kple nutsitsiɖɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli.
Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta