Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 85:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Amenuveve kple nyateƒe ado go wo nɔewo; dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa agbugbɔ nu na wo nɔewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Nuteƒewɔwɔ mie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye do mo ɖa kpɔ anyigba tso dziƒo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 85:11
12 Mawu Ofanana  

Towo kple togbɛwo netsɔ dzɔdzɔenyenye he ŋutifafa vɛ na dukɔ la!


Gbemagbe la Yehowa ƒe atidzedze anye atsyɔ̃ kple bubu, eye anyigba ƒe kutsetse anye adegbeƒoƒo, ɖekadzenu na Israel ƒe ame susɔeawo.


Edze Yehowa ŋu be, wòaɖe gãnyenye kple ŋutikɔkɔe se la ŋu lé eƒe dzɔdzɔenyenye ta;


Mi dziƒowo, nuɖuɖu tso dzi me, eye alilikpowo nadza dzɔdzɔenyenye; anyigba neke nu, ne xɔname nado, eye dzɔdzɔenyenye hã namie Nye Yehowa ye wɔe.


Edze abe atilɔ fẽ ene le eŋku me, eye abe ke ƒe dzedzè tso anyigba ƒuƒu me ene. Nɔnɔme kple ɖekadzedze mele eŋu, ne míaɖe ŋku ɖee o, eye kpɔkpɔme mele eŋu, ne eƒe nu nadzro mí o.


Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!


eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!


Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa