Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 85:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nyateƒe, eƒe xɔname tsɔ ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ne bubu nanɔ míaƒe anyigba ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ do go wo nɔewo, eye dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa gbugbɔ nu na wo nɔewo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 85:10
17 Mawu Ofanana  

Elabena Yehowa ƒe dɔme nyo, eƒe amenuveve li tegbee kple eƒe nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.


Towo kple togbɛwo netsɔ dzɔdzɔenyenye he ŋutifafa vɛ na dukɔ la!


Tɔwòe nye ãlɔ sesẽ, ŋusẽ le wò esi ŋu, eye wò nuɖusi ɖe dzi.


Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o; tsɔ wo de kɔ, ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi;


ahagblɔ bena: Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ; amesiwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ, eye ŋu akpe wo.


Mehe nye dzɔdzɔenyenye va kpuiƒee, mele adzɔge o, eye nye xɔname mahe de megbe o; mana xɔname Zion kple nye atsyɔ̃ Israel.


Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àve Abraham nu, abe alesi nèka atam na mía fofowo tso blema ŋɔli ke ene.


Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.


Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


Azɔ la esi wotso afia na mí tso xɔse me la, ŋutifafa le mia kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,


bene alesi ke nuvɔ̃ la ɖu fia ɖe ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fía to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ dzi.


amesi hã Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia na la; wotso ŋkɔ nɛ gbã be dzɔdzɔenyenye ƒe fia; ke emegbe la wotrɔe be Salem-fia, si gɔme enye ŋutifafa fia:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa