9 Asur hã ɖe wo dzi, woawoe nye Lot-viwo ƒe alɔ. Sela.
9 Wɔ wo abe ale si nèwɔ Midian, Sisera kple Yabin le Kison tɔsisi la to ene,
Eye tsitsiwo dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ bena Moab; eya nye egbegbe Moabitɔwo tɔgbui.
Eye ɖevitɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ ne be Ben-Ami, eya nye Amonitɔwo tɔgbui.
Yehowa Zebaot aɖe atam ɖe wo dzi, abe alesi wòƒo Midian le Oreb-kpe la gbɔ ene, eye eƒe atìkplɔ anɔ atsiaƒu dzi, abe alesi wòdoe ɖe dzi ɖe Egipte ŋu ene.
Elabena wòtɔ dzo amesiwo ƒo aʋazi la ƒe afɔkpawo katã kple awu, siwo wobliba ɖe ʋu me la, eye dzo afiã wo.
makplɔ Sisera, Yabin ƒe aʋafia kple eƒe tasiaɖamwo kpakple eƒe aʋakɔ ava gbɔwò le Kison-toʋu la nu, eye matsɔe ade asi na wò!
Kison-tɔʋu la kplɔ wo yii, blematɔʋu Kison. Nye luʋɔ, do kple ŋusẽ!