Esi wò agbodzedze ɖe ŋunye kple wò dada va nye to me ŋuti la, eyata made nye ga wò ŋɔti, eye made nye numega nu na wò akplɔ wò agbugbɔ ato mɔ, si neto va la.
Esi nèdze agbo ɖe ŋunye, eye wò dàda va nye to me ŋuti la, eyata matsɔ nye ga aɖe ŋɔti na wò, eye made nye numega nu na wò ahakplɔ wò agbugbɔ ato mɔ, si dzi neto va la.
Eye esi Pilato kpo bena, wɔwɔa ɖeke megali o, ke zi tɔ hoo boŋ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ƒe ŋku me gblɔ bena: Nye la, ʋu sia mele asinye me o; mia ŋutɔwo mikpɔ edzi!
Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me.
Eye esi nyaʋiʋli la nu sẽ ŋutɔ la, aʋafia gã la le vɔvɔ̃m bena, woava vuvu Paulo; eye wòde se bena, asrafoha la naɖi va, eye woahee tso wo dome, ne woakplɔe ayi mɔ̃ la me.