Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 83:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ŋu akpe wo, eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 83:18
21 Mawu Ofanana  

Eye Abraham yɔ teƒe ma bena: Afisi Yehowa ɖe eɖokui fia le. Eyata wogblɔna vaseɖe egbegbe bena: Le to dzi, afisi Yehowa ɖea eɖokui fiana le.


Tɔ nam, Yehowa, tɔ nam, ne dukɔ sia nadze sii be, wò Yehowa enye Mawu, eye wòe agatrɔ woƒe dziwo!


Eyata Yehowa, mia Mawu, ɖe mi tso esi me dzro, ne anyigba dzi tiaɖuƒewo katã nadze sii bena, wò ɖeka koe nye Yehowa Mawu!


Alilikpowo, dzikpe kple dzokawo ɖo dzo keklẽ me le eŋku me.


Ŋukpe kple vlododo ava amesiwo le nye luʋɔ dim la dzi, eye amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e bum ɖe tame la, agbugbɔ ɖe megbe, eye woƒe mo atsi dã.


Woƒe nu me nuvɔ̃ enye woƒe nuyiwo ƒe i ya, eyata woalé wo le woƒe dada la me le fiƒode kple alakpa, si dona tsoa wo nu la ta.


Dukɔwo ge dze ɖo, si woawo ŋutɔ woɖe la me, eye ɖɔ, si woɖo di la, ɖe woƒe afɔ.


Makafu Yehowa tso dzi blibo me, eye maxlẽ wò nukunuwɔwɔwo katã afia.


Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.


Elabena wò Yehowa, ènye tatɔ le anyigba blibo la dzi, edo kpo ŋutɔ ɖe mawuwo katã dzi.


Nyee ɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu ŋusẽkatãtɔ ene, ke nyemeɖe nye ŋkɔ Yehowa fia wo o.


Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.


Yehowa Zebaot anye gã le ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye Mawu kɔkɔe la akɔ eɖokui ŋu le dzɔdzɔenyenye me.


Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔeto la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu.


Eyata mana wòadze si nye alɔ kple nye ŋusẽ, mana wòadze sii, eye woanyae be, ŋkɔnyee nye Yehowa.


Eye mahe to na Egipte, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.


Nusiawo katã va fia Nebukaɖnezar dzi.


Anyigbadzitɔwo katã meɖi naneke nɛ o, eye wòwɔa dziƒo ŋu nuwo kple anyigbadzitɔwo alesi dze eŋu, eye amea ɖeke meli alé eƒe asi agblɔ be, nuka nye esi wɔm nèle hã o.


Zion-nyɔnuvi, tso nafanya nu! Elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli, ne nagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye nakɔ aboyonuwo ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba blibo la dzi Aƒetɔ.


Eye wògblɔ bena: Woawo nye amivi eveawo, siwo tsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa