Dɔvɔ̃ awu wo, womafa na wo o, womaɖi wo o, eye woanye gbeɖuɖɔ ɖe anyigba dzi; yi kple dɔwuame atsrɔ̃ wo, eye woƒe kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxewo kple gbemelãwo.
ahasia ɖe ɣe kple ɣleti kpakple dziƒo ŋu nuwo nu, nusiwo ƒe nya wolɔ̃, eye wosubɔ, wodze wo yome, wobia nu wo se, eye wode ta agu na wo; womafɔ wo o, eye womatsɔ wo aɖi o, eye woazu gbeɖuɖɔ le anyigba dzi.
Tete Saul gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Midi nyɔnua ɖe, si me ŋɔliyɔgbɔgbɔ le la nam, ne mayi egbɔ aɖabia nui ase. Eƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, nyɔnu ŋɔliyɔlaa ɖe le En-Dor.