Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 82:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Womedze sii o, eye womenyae o, wole zɔzɔm le viviti me, eye anyigba ƒe agunuwo katã le ʋaʋãm.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 “Womenya naneke o, womese naneke gɔme o. Wole zɔzɔm le blukɔ me, eye anyigba ƒe agunuwo katã ʋuʋu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 82:5
19 Mawu Ofanana  

Elabena míatvo la etsɔviwo míenye, eye ame makpɔnuteƒewo míenye; elabena míaƒe ŋkekewo le ahe vɔvɔli ene le anyigba dzi.


Elabena wogbã gɔmeɖoɖoanyiwo ke hã, nuka ame dzɔdzɔe ate ŋu wɔ ma?


Ɖe nu vlo wɔlawo katã, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Yehowa o la, medze si esia oa?


Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Ame ɖeka hã meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o!


Elabena ne ɣeyiɣi, si meɖo, de la, madrɔ̃ nɔnu ɖe eteƒe.


Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya.


Le esi wolé fu sidzedze, eye womedo Yehowa-vɔvɔ̃ o,


amesiwo gblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, be woazɔ blukɔ ƒe mɔ dzi,


Ke ame vɔ̃ɖi ƒe mɔ le abe blukɔ ene; womenya afika wole nu kli ge le o.


Nu nyala to ŋku ɖe ta, ke bometsila zɔa viviti me. Ke medze sii be, nye ɖeka tɔgbe koe dzɔna ɖe wo katã dzi.


Eye megakpɔ le ɣea te be, nu madzɔmadzɔ le ʋɔnuɖrɔ̃ƒe, eye nu madzɔmadzɔ le dzɔdzɔenyenye nɔƒe.


Elabena Israel ƒe aƒe lae nye Yehowa Zebaot ƒe weingble, eye Yuda ŋutsuwo nye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nudodowo: ekpɔ mɔ na afiatsotso, ke ʋukɔkɔɖie li; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifafae li.


Eyata ɖoɖo la le adzɔge na mí, eye dzɔdzɔenyenye gbe mía gbɔ vava; míele mɔ kpɔm na kekeli, kpɔ ɖa, viviti li, míele mɔ kpɔm na xexeme ƒe kɔkɔ, ke míele zɔzɔm le blukɔ me.


Eye megblɔ bena: Mi Yakob ƒe tatɔwo kple Israel ƒe aƒe me amegãwo, ɖe menye mlaƒe dɔ wònye be, miadze si se la oa?


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Kekeli la aganɔ mia dome ɣeyiɣi viaɖe ko. Mizɔ azɔli, esi kekeli la le mia gbɔ, bena viviti la nagatu mi o; eye amesi le azɔli zɔm le viviti me la, menyaa afisi wòyina o.


Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


Ke amesi ke léa fu nɔvia la, eya le viviti me, eye wòzɔa viviti me, eye menya afisi yim wòle o; elabena viviti la gbã eƒe ŋkuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa