Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 82:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Midrɔ̃ ʋɔnu ame tsɛwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe eteƒe, eye mitso na hiãtɔwo kple ame dahewo!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 “Miʋli ame gblɔewo kple tsyɔ̃eviwo ta, eye miwɔ dɔmenyo na hiãtɔwo kple ame siwo wote ɖe to.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 82:3
16 Mawu Ofanana  

Elabena mexɔna na ame ɖahe, si le ɣli dom la, kple tsyɔ̃evi, si xɔnametɔa ɖeke meli na o la.


Ne menye nye asi de tsyɔ̃evi ŋu, le esi xɔnamelɔ le asinye le dua me ta la,


ne natso afia na tsyɔ̃eviwo kple hiãtɔwo, be amegbetɔ magaɖa ɖadzra le anyigba dzi azɔ o.


Megaɖe ami ɖe ame dahe ƒe nya o.


Megatrɔ ame dahe ƒe nya bu anyi le ʋɔnudrɔ̃ƒe o.


Ke wò nu natso efia ɖe eteƒe, eye nadrɔ̃ ʋɔnu na hiãtɔwo kple ame dahewo!


Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ, miti nya dzɔdzɔe yome, mixɔ na amesi wote ɖe anyi, midrɔ̃ ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo, eye mihe nya na ahosiwo!


Wò amegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃; wo dome amesiame lɔ̃a zãnunana, eye wotia fetu yome; womedrɔ̃a ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo o, eye ahosiwo ƒe nya medea wo gbe o.


Dawid ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe ŋdi sia ŋdi, eye mixɔ amesiwo woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me, ne nye dziku magalé abe dzo ene, eye wòabi woade tsitsi ge ado kpoe le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ta o!


Etso na hiãtɔwo kple ame dahewo, eyata eme nyo nɛ. Yehowa be: Ɖe menye esia woyɔna be sidzedzem oa?


Ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye miwɔ nu dzɔdzɔe, mixɔ amesi woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me; migate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi o, migawɔ funyafunyawo o, eye migakɔ ʋu maɖifɔ ɖe teƒe sia o.


Woda ami lalala, eye vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔ wo gbagba; womedrɔ̃a nya o, womedrɔ̃a tsyɔ̃eviwo ƒe nya, be wòadze edzi na wo o, eye womedrɔ̃a nya na ame dahewo o.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miɖrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye mia dome amesiame nelɔ̃ ehavi, eye wòakpɔ nublanui nɛ!


amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, eye wolɔa amedzro hena abolo kple avɔtatae.


Megate amedzro kple tsyɔ̃evi ƒe nya ɖe to o, eye megaxɔ ahosi ƒe avɔ awɔbae o.


Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa