Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 82:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ɣekayi miadrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ ase do, eye miade ame vɔ̃ɖi la dzi? Sela.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Va se ɖe ɣe ka ɣi miaʋli ame baɖa la ta, eye miatso afia ade ame vɔ̃ɖi la dzi?” Sela

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 82:2
16 Mawu Ofanana  

Tete Eliya te ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ bena: Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adza evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome! Ke dukɔ la meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.


Eyata Yehowa ƒe ŋɔdzi nelé mi, eye mikpɔ nyuie le miaƒe nuwɔwɔwo me, elabena le Yehowa, mia Mawu gbɔ la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔa ɖeke, amedzidedea ɖeke alo zãnuxɔxɔa ɖeke meli o!


Nyemade ame dzi o, eye nyemavivi nume na amea ɖeke o.


Eya, amesi medea amegãwo dzi o, eye meɖia kesinɔtɔwo ƒe nya wua ame dahewo tɔ o, elabena wo katã la eƒe asinudɔwɔwɔ wonye.


Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã akpe o.


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Ame vɔ̃ɖi dziɖeɖe, ne woate ame dzɔdzɔe ɖe anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, menyo o.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel-amegãwo, esɔ gbɔ na mi azɔ! Miɖe asi te ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ŋu; miwɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye midzudzɔ adzodada nye dukɔ; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Mígade ame dahe dzi o, eye migakpɔ amegãwo ŋku me o; ke boŋ mídrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo ɖe teƒe.


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii!


Ke amesiwo wobuna bena, wonye nane la — ameka ke wonye o, nyemetsɔ ɖeke le eme o; Mawu mekpɔa ame ŋku me o — elabena nye la amesiwo wobuna be, wonye nane la, womegblɔ nyaa ɖeke fiam o;


Migakpɔ ame ŋku me le ʋɔnudrɔ̃ƒe o, ke boŋ milé to ɖe ame gblɔewo kple ame gãwo ƒe nyawo ŋu, eye migasi amea ɖeke ŋku me o, elabena Yehowa tɔ enye ʋɔnudɔdrɔ̃; ke ne nyaa ɖe sesẽ na mi akpa la, ekema mitsɔe va gbɔnye, ne mase.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa