4 Miku kpẽ le dzinu yeye dzi, eye ne dzinu sɔ tegblẽ le míaƒe ŋkekenyuieɖugbe!
4 Esia nye se na Israel kple ɖoɖo na Yakob ƒe Mawu la.
Gbesigbe miele dzidzɔ kpɔm, alo miele ŋkekenyuie ɖum, alo ɣleti yeye dze dzi, eye miesa numevɔ kple akpedavɔ la, ekema miaku kpẽ, eye wòana mia Mawu naɖo ŋku mia dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!
Gbesigbe ɣleti dze dzi la, miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ na Yehowa.