Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 81:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mixe ha, mina axatsɛwo, gakasaŋku kple saŋku viviwo naɖi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Miku lãdzokpẽwo le Dzinu Yeye dzi kple ne dzinu sɔ tegblẽe le míaƒe ŋkekenyuiɖugbe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 81:3
23 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Nukata nèbe, yeayi ɖo, egbe mehenye dzinu yeye alo dzudzɔgbe oa? Eɖo ŋu bena: Enyo!


Eye Dawid gblɔ na Lewi-viwo ƒe amegãwo be, woaɖe wo nɔvi, siwo nye hadzilawo, ne woatsɔ hadzinuawo, siwo nye: saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo, eye woana dzidzɔha nade dzi.


Hadzilawo Heman, Asaf kple Etan, woawoe ƒoa akɔbligakogoe la sesĩe,


Sebanya, Yosafat, Netaneel, Amasai, Zaxarya, Benaya kple Eliezer wonye nunɔlawo, amesiwo kua kpẽ le Mawu ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye Obed-Edom kple Yexiya wonye agbonudzɔlawo le aɖaka la gbɔ.


Wotsɔ kpẽwo, gakogoewo kple Mawu ƒe hadzinuawo na wo hena kpẽkulawo. Eye Yedutun viwo nye agbonudzɔlawo.


eye nunɔla Benaya kple Yexaziel wotsɔa kpẽwo nɔa Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ ɖaa.


Eye Dawid kple aʋakɔ la ƒe amegãwo ɖa Asaf viwo, Heman viwo kple Yedutun viwo, amesiwo ƒoa kasaŋku, saŋku kple gakogoe la, hena woƒe subɔsubɔdɔ. Dɔwɔla, siwo asubɔ la ƒe xexlẽme enye si:


Kpɔ ɖa, Mawu kple eƒe nunɔlawo le mía nu, eye aseyetsokpẽawo li, be woaku ɖe mia ŋu Israel-viwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o, elabena madze edzi na mi o!


Eye esi Yuda trɔ la, kpɔ ɖa, wodze aʋa ɖe eŋu le ŋgɔ kple megbe siaa. Tete wodo ɣli yɔ Yehowa, nunɔlawo le kpẽawo kum,


Xɔ, si mebe, matu la, lolo, elabena mia Mawu la lolo wu mawuwo katã.


eye Lewi-viwo, siwo nye hadzilawo katã, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viwo kpakple wo nɔviwo do aklalawu, wolé gakogoe, saŋku kple kasaŋku ɖe asi, eye wotsi tre ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome, eye nunɔla alafa ɖeka kple blave le kpẽ kum le wo gbɔ,


eye wosa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiewo dzi, zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, le abolo maʋamaʋã ŋkekenyuiewo, le kwasiɖawo ŋkekenyuiewo kple agbadɔŋkekenyuiewo dzi le Mose ƒe se la nu.


Woatsɔ ɣeɖuɖu akafu eƒe ŋkɔ, eye woafsɔ asiʋui kple kasaŋku aƒo ha nɛ!


Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo, eye miƒo saŋku ka ewo tɔ nɛ!


ɖe dze kple kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu! Mitso aseye le Yehowa, fia la ŋku me!


Eka kpɔ le eŋu abe le abɔ ŋu ene, eye wògblẽ eƒe takpeƒe. Yehowa na woŋlɔ ŋkekenyuie kple dzudzɔgbe be le Zion, eye wòdo vlo fia kple nunɔla le eƒe dɔmedzoe heliheli me.


eye mieɖe adzɔgbe alo na nu le mia ɖokui si alo le ŋkekenyuie ɖum hehe, yewoatsɔ nyi alo alé asa dzovɔ na Yehowa, eɖanye numevɔ alo akpedavɔ o, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa la,


Gbesigbe ɣleti dze dzi la, miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ na Yehowa.


Ŋkeke adre sɔŋ naɖu ŋkekenyuie na Yehowa, wò Mawu la le teƒe, si Yehowa atia, elabena Yehowa, wò Mawu la, ayra wò le nusiwo katã nèwɔ dɔ kpɔ, kple wò asinudɔwo katã me, eye nakpɔ dzidzɔ wòatso me.


Eyata migana amea ɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa