Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 81:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Migli kple dzidzɔ ɖe Mawu, si nye míaƒe ŋusẽ la ŋu, eye mitso aseye ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Mido ha ɖa, xatsɛwo neɖi, miƒo kasaŋku kple gakasaŋku siwo ƒe gbe me kɔ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 81:2
11 Mawu Ofanana  

esime kpẽkulawo kple hadzilawo kafu Yehowa, eye woda akpe ne zi ɖeka yoo, esime kpẽawo, gakogoeawo kple hadzinuawo ɖi sesĩe, eye esime wokafu Yehowa be: eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee la, tete alilikpo yɔ Yehowa ƒe xa la;


eye Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yoxanan, Malkiya, Elam kple Ezer, amesiwo nye hadzilawo la, dzi ha, eye Yizraxiya le wo nu.


Ke nye la madzi ha le wò ŋusẽ ŋu, eye le ŋdi la matso aseye ɖe wò amenuveve ŋu, elabena wòe nye nye mɔ̃ sesẽ kple sitsoƒe le nye xaxaɣi.


woade gbe ƒã wò amenuveve le ŋdi kple wò nuteƒewɔwɔ le zãwo me,


Eye nyɔnu nyagblɔla Miryam. Aron nɔvinyɔnu, tsɔ axatse ɖe asi, eye nyɔnuwo katã tsɔ axatsewo ɖe asi le ɣe ɖum kplɔe ɖo.


Eye esi wodzi akpedaha vɔ la, woɖo go yi ɖe Amito la ŋu.


eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me,


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Ne mia dome amea ɖe le fu kpem la, nedo gbe ɖa; ne amea ɖe kpɔ dzidzɔ la, nedzi kafukafuhawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa