Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 81:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o, eye Israel melɔ̃ edzi nam o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 eya ta meɖe asi le wo ŋu na woƒe dzi sesẽwo, ne woadze nu siwo woawo ŋutɔ ɖo la yome.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 81:12
20 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gblɔ bena: Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave!


Elabena womeɖo to Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe o, eye woda eƒe nubabla kple se, siwo katã Yehowa de na eƒe dɔla Mose la dzi, womeɖo to o, eye womewɔ edzi o.


Ke mía fofowo da, eye wolia kɔ, womeɖo towò seawo o,


Nenyo ɖe viwòwo wɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu la, ekema eyata wòtsɔ wo ɖe asi na woƒe dzidada ɖo.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena Farao maɖo to mi o, bena nye nukunuwo nasɔ gbe le Egipte-nyigba la dzi.


Yehowa be, baba na vi sẽtowo, amesiwo de adaŋu nye manɔmee, eye wobla nu nye gbɔgbɔ manɔmee, ne woali kɔ nuvɔ̃ de nuvɔ̃ dzi!


Elabena dukɔ sẽto, vi dalakpa, vi, siwo gbe Yehowa ƒe nufiamewo sese la, wonye;


Amekae de Yakob asi, be woaha, eye wòde Israel asi na adzodalawo? Ɖe menye Yehowa, amesi ŋu míewɔ nuvɔ̃ ɖo, miegbe eƒe mɔwo dzi zɔzɔ, eye míese eƒe nufiame o lae oa?


Megblɔe na mi egbea, ke mieɖo to Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe le nusiwo katã ŋuti wòɖom ɖe mia gbɔ ɖo la me o.


Ke wogbe esese, eye womeƒu to anyi ɖe ŋunye o; wozɔ le adaŋu, si wode le woƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe tamesesẽ me la nu, eye wotrɔ megbe ɖem, menye ŋku me o.


Ke wosẽ to ɖe ŋunye, eye wogbe toɖoɖom; wo dometɔa ɖeke meɖe ŋunyɔnuawo ɖa le ŋku ta o, eye womeɖe asi le Egipte-legbawo ŋu o. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi, eye nye dɔmedzoe nabi avɔ ɖe wo ŋu le Egipte-nyigba dzi.


Nye Mawu agbe wo, elabena womeɖo toe o, eye woanɔ tsa glãla tsam le dukɔwo dome.


Ke ne mieɖo tom o, eye miewɔ se siawo katã dzi o,


amesi le dzidzime, siwo va yi la me la, wòna dukɔwo katã zɔ woa ŋutɔwo ƒe mɔwo dzi.


Ke Mawu trɔ ɖe wo, eye wòtso wo na dziƒoha ƒe subɔsubɔ, abe alesi woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene bena: „Israel-ƒeme, alo nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo vɛ na le ƒe blanea me le gbedzia?


Eyata le woƒe dziwo ƒe nudzodzrowo me la Mawu tsɔ wo de asi na makɔmakɔnyenye, bene woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo le wo nɔewo dome;


Gake dukɔ la gbe toɖoɖo Samuel hegblɔ bena: Gbeɖe, ke boŋ fia nenɔ mía nu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa