1 Asaf tɔ na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu.
1 Midzi ha, mikpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, míaƒe ŋusẽ la ŋu, eye mitso aseye kple ɣli ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu!
Ale miagblɔ na Yosef enye si: Meɖe kuku, tsɔ nɔviwòwo ƒe nuvɔ̃ kple woƒe vodada ke wo; elabena wowɔ vɔ ɖe ŋuwò. Eyata míeɖe kuku, tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabena miawo hã míesubɔa fofowò ƒe Mawu la. Tete Yosef fa avi le nya sia ŋuti.
Wotsɔ hadzidzi subɔ le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ, vaseɖe esime Salomo tu Yehowa ƒe xɔ ɖe Yerusalem, eye wonɔ woƒe dɔ me le ɖoɖo nu.
Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam; eyata nye dzi le aseye tsom, eye matsɔ nye ha akafui.
Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!
Asaf ƒe ha. Mawu, Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la le nu ƒom, eye wòle xexeame yɔm tso ɣe ƒe dzedze me vaseɖe eƒe loɖoɖo me.
Eyata Mawu hã agbã wò aƒu anyi ɖikaa, alé wò, eye wòahe wò aƒu gbe tso agbadɔ me, eye wòaho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Sela.
Ha na henɔ la. Mí anyigbawo katã, mitso aseye na Mawu!
Mawu, dukɔwo akafu wò, wòe dukɔwo katã woakafu.
Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gatitɔwo tɔ nu.
Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Mido dzidzɔɣli ɖe Yakob ŋu, eye mitso aseye ɖe dukɔwo ƒe ta ŋu! Mina kafukafuha naɖi, eye migblɔ be: Yehowa, xɔ na wò dukɔ, na Israel mamlea!
„Nye enye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã? Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbegbewo toe.
Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.