9 Eho weinka tso Egipte, eye nènyã dukɔwo ɖa hetsɔe do.
9 Èdzra eŋuti ɖo nyuie, eye wòto ke hevu tsyɔ anyigba.
Mana nɔƒe nye dukɔ Israel, eye mana wòaɖo zunu anyi, ne wòanɔ eteƒe, eye dzika magatso eƒo azɔ o, eye ame vlowo magatee ɖe anyi azɔ abe tsã ene
Yuda kple Israel sɔ gbɔ abe ƒulake ene; woɖua nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ.
Eye Yoab tsa dukɔ la ƒe amesiwo wolia xlẽ la ƒe xexlẽme vɛ na fia la: Amesiwo ate ŋu aɖi yi le Israel blibo la me la, wole ame akpe alafa wuiɖekɛ teƒe akpe, eye amesiwo ate ŋu aɖi yi le Yuda la, wole ame akpe alafa ene kple blaadre.
Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, ne woaxe nusi dukɔwo dagba kpɔ la, woanye wo tɔ;
Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.
Ɣemaɣi la midzi ha le weingble nyo la ŋu be.
Le ŋkeke, siwo gbɔna me la, Yakob ato ke, Israel adze, eye wòaƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexeame taŋ.
Yuda ƒe aƒe la ƒe ame mamlea, siwo woɖe la, aɖe ke aɖo ta to me, eye woatse ku ɖe dzi me.
Edzobo eme, eɖe kpewo le eme, eye wòdo weinka nyuitɔwo ɖe eme, etu xɔ tsrala ɖe etitina, ekpa weinfiãnu hã da ɖe eme hele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo; ke etse ʋukatsetsewo.
Ede woƒe agunu to, eye wòto ke, wotsi, eye wotsea ku hã. Etsɔ de woƒe nu gbɔ, ke èle adzɔgedzɔgee na woƒe dzi.
Weinka nyuitɔ tso ka vavãtɔwo dome nenye metsɔ do, ke aleke wɔ nètrɔ zu nuka ƒe abɔwo nam?
Medɔ teamekplɔɖoewo ɖe mia ŋgɔ, eye wonyã Amoritɔwo ƒe fia eveawo le mia ŋgɔ; menye wò yi kple wò dae wɔe o.