5 Yehowa, Mawu Zebaot, ɣeka ɣi nado dziku ɖe wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu ase ɖo?
5 Èna aɖatsibolo wo woɖu, eye nèna aɖatsi wo wono taŋtaŋ.
Nye luʋɔ gbe asiɖeɖe eŋu: nuɖuɖu nyɔŋu wònye nam.
Nye futɔwo le alɔme ɖem le ŋunye atraɖi, eye amesiwo nyrã ɖe ŋunye la, tsɔm wɔ ɖiŋuɖonui.
Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu; gbekagbe made ahado ɖe Mawu ŋku me?
Asaf ƒe nufiameha. Mawu, nukaŋuti nègbe mí ɖikaa, eye wò dɔmedzoe le adzudzɔ tum ɖe wò lãnyiƒe ƒe lãhɔwo ŋu?
Yehowa, ɣekaɣi nado dziku ɖaa ase ɖo, eye wò ŋuʋaʋã nabi abe dzo ene?
Aƒetɔ la ana abolo mi le hiã me kple tsi mi le xaxa me, eye miaƒe nufialawo magabe azɔ o, ke boŋ míakpɔ miaƒe nufialawo kple ŋku,
Eɣla ɖokuiwò le dziku me, eye neti mía yome hewu mí, mèkpɔ mía ta o.
Eɣla ɖokuiwò ɖe alilikpo me, ale be gbedodoɖaa ɖeke meɖi go ɖe egoɖo o.