11 Eƒe vɔvɔli do ɖe towo dzi, eye wòɖe alɔ ɖe Mawu ƒe sedertiwo ŋu.
11 Eɖe alɔ yi ɖe keke ƒuta ke, eye eƒe kewo yi ɖe keke Frat tɔsisi la nu ke.
Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:
Dawid si Zoba-fia Hadadezer le Xamat, esime wòva, be yeado eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu.
Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso tɔsisi la nu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.