Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Deviwo kple vi nonowo ƒe nu me neli ŋusẽ anyi ɖo le wò ketɔwo ta, ne nana ketɔwo kple hlɔ̃bialawo ƒe nu natɔ kpe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo, ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo, nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 8:3
18 Mawu Ofanana  

Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.


Ɖe Mawu mekɔ abe dziƒo ene oa? Eye kpɔ alesi ɣletivi kɔkɔtɔwo gbɔ metsɔe o ɖa!


Ameka ate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwo, eye ameka tame eƒe kekeli mele oa?


Kpɔ ɖa, ɣleti ke hã meɖina, eye ɣletiviwo me mekɔna le eƒe ŋku me o,


Ke boŋ ɖo eƒe nuwɔwɔ, siwo ŋu amegbetɔwo dzia ha le la, ɖe dzi!


Ewɔ ɣleti, ne wòade vovo ɣeyiɣi me: ɣe nya eƒe toɖoƒe.


Yehowa ƒe dɔwɔwɔ lolo, amesiwo katã dzrom wole la, dia eyome.


Ɣe kple ɣleti, mikafui; mikafui, mi dzinuvi keklẽwo katã!


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Yehowa ƒe nye wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe nu me gbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋu nuwo katàe.


Egbã Raxab gudugudu, abe amesi woda nui ene, eye nèka wò futɔwo hlẽ.


Eye esi wòƒo nu kple Mose le Sinai-toa dzi vɔ la, etsɔ kpe eveawo, siwo dzi sea le la ne, kpe, siwo dzi Mawu ŋutɔ tsɔ eƒe asibide ŋlɔ nui ɖo.


Eye made vovo nye dukɔ kple wò dukɔ dome; etsɔe dzesi sia ava me!


Ke ne menya gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Mawu ƒe asibide dzi la, ekema mawufiaɖuƒe la ɖi ɖe mi.


Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodoa ɖeke naganɔ wo si o.


eye megawu wò mo dzi akpɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo, eye naɖu ɖokuiwò ade ta agu na wo ahayi wo subɔ ge o, elabena ɖe Yehowa, wò Mawu, tsɔ wona dukɔ, siwo katã le dziƒoa te la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa