7 Elabena womi Yakob, eye wodo aƒedo enɔƒewo.
7 Elabena wovuvu Yakob, eye wogbã eƒe denyigba.
bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me be: „vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me“. Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã, vaseɖe esime ƒe blaadre nu va yi.
Nukaŋuti nèvuvu kpɔ le eŋu, be amesiwo katã to mɔ dzi yina la, nanɔ ekem?
Wò du kɔkɔewo zu gbegbe, Zion zu gbegbe, eye Yerusalem tsi anyi aƒeɖoe.
Eye dukɔ la metrɔ ɖe amesi ƒoe la ŋu o, eye womedi Yehowa Zebaot yome mí o.
Amesiwo katã kpɔ wo la, ɖu wo, eye woƒe futɔwo gblɔ bena; Míeɖi to o, elabena ɖe wowɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe dzɔdzɔenyenye ƒe lãnyiƒe, kple Yehowa, wo fofowo ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋu.
eye dzi akum vevie ɖe dukɔ dadalawo ŋu; elabena esi dɔ me nya vem vie ko la, woawo kpe asi ɖe eŋu hetrɔ gbegblẽ la ɖo.