Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 79:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Wokɔ woƒe nu ɖe Yerusalem ŋu goɖoo abe tsi ene, eye amea ɖeke meli aɖi wo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Wokɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene ƒo xlã Yerusalem, eye ame aɖeke meli aɖi ame kukuawo o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 79:3
15 Mawu Ofanana  

Alesi woŋlɔa anyigba, eye wokanɛ la, nenema wokaka míaƒe ƒuwo hlẽ na tsiẽƒe ƒe nu me.


Nukaŋuti dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be: Afika woƒe Mawu la le? Wò dɔlawo ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi, ƒe hlɔ̃biabia nedze le mía ŋku me ɖe dukɔwo ŋu!


Eye dɔwuame kple yi atsɔ amesiwo wole nya gblɔm ɖi na la aƒu Yerusalem-kpɔdomeewo, eye womaɖi wo o, woawo kple wo srɔ̃wo, woƒe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa, eye matrɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ akɔ ɖe wo dzi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Maɖo nu ene ƒomevi ɖe wo ŋu: Yi, ne wòawu wo, avũ wo, ne woahe wo dranyidranyi, dziƒoxewo kple gbemelãwo, ne woaɖu wo, eye woatsrɔ̃ wo.


Dɔvɔ̃ awu wo, womafa na wo o, womaɖi wo o, eye woanye gbeɖuɖɔ ɖe anyigba dzi; yi kple dɔwuame atsrɔ̃ wo, eye woƒe kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxewo kple gbemelãwo.


Yehowa ƒe amesiwo wowu le ŋkeke ma me la, woanɔ anyi tso anyigba ƒe mlɔenu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenu; womafa na wo o, womaƒo wo nu ƒu o, eye womaɖi wo o, eye woazu aɖuɖɔ le agble me.


matso woamawo ade asi na woƒe futɔwo kple woƒe kudilawo, eye woƒe kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxewo kple anyigba dzi lãwo.


Mahe xaxa ava amegbetɔwo dzi, ne woanɔ yiyim abe ŋkunɔwo ene, elabena wowɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu; woakɔ woƒe ʋu ɖe anyi abe ke ene, eye woƒe dɔmenuwo adudu ɖe anyi abe mi ene.


bena nu dzɔdzɔe ƒe ɖesiaɖe, si woda ahe le anyigba dzi la, nava mia dzi, tso Abel, ame dzɔdzɔe la, ƒe du la dzi vaseɖe Zaxarya, Baraxya vi la ƒe ʋu la dzi, amesi miewu le mawuxɔ kple vɔsamlekpui la dome.


Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ŋutiwò la wowua mí ʋuu le ŋkeke bliboa katã me, wobua mí abe alẽ, siwo woyina wuwu ge la ene.“


Eye dukɔwo ƒe ƒomeawo kple gbegbɔgblɔwo kpakple trɔ̃subɔlawo dometɔa ɖewo lakpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye womaɖe mɔ be, woaɖi woƒe ŋutilã kukuawo o.


elabena wòtrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe nu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo, bena woano, eye wòdze wo nenema.


Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu. Eye esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ.


Eye wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu le eme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa